3
David ƒe viwo
Aʋawɔwɔ didi aɖe nɔ edzi yim le Saul ƒe aƒe kple David aƒe dome. David ƒe aƒe la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le esime Saul ƒe aƒe ya nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi.
 
Wodzi ŋutsuviwo na David esi wònɔ Hebron.
 
Via ŋutsu tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel.
Via ŋutsu eveliae nye Kileab, ame si Abigail, Nabal, Karmeltɔ la ƒe ahosi dzi nɛ.
Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.
Eneliae nye Adoniya, ame si Hagit dzi nɛ.
Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital
Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.
 
Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron.
Abner ʋu yi David gbɔ
Esi aʋa la nɔ edzi yim la, Abner va kpɔ ŋusẽ gã aɖe le Saul yomedzelawo dome. Ewɔ nɔƒe si wòkpɔ la ŋu dɔ eye wòdɔ Saul ƒe ahiãvi aɖe si woyɔna be Rizpa, si dadaa nye Aya gbɔ. Ke esi Is Boset bia gbe Abner le nuwɔna sia ŋu la, Abner do dɔmedzoe le Is Boset ƒe nyawo ta hegblɔ bena, “Avue menye le Yuda be woanɔ ƒoyem tso afii yi afimɛa? Menyo na wò kple fofowò vɔ be nyemetsɔ mi de asi na David o. Nye fetue nye miakpɔ vodada le nye kple nyɔnu aɖe ŋua? Mawu nafia fu Abner vevie ne nyemewɔ nu si Yehowa do ŋugbe, eye wòka atam ɖe edzi be mawɔ na David o, 10 ne nyemexɔ fiaɖuƒe la tso Saul ƒe aƒe me eye ne nyemeɖo David ƒe fiazikpui la gɔme anyi ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beerseba o.” 11 Is Boset meɖo eŋu o elabena enɔ vɔvɔ̃m na Abner.
12 Abner dɔ amewo ɖe David gbɔ be woagblɔ nɛ be yeaɖe asi le Israel ƒe fiaɖuƒe ŋu nɛ ale be wòawɔ ye yeazu aʋafia gã anɔ Israelʋakɔ la kple Yudaʋakɔ la ƒe ƒuƒoƒo nu.
13 David ɖo eŋu be, “Enyo, melɔ̃ gake nyemawɔ nubabla aɖeke kpli wò o va se ɖe esime nàkplɔ srɔ̃nye Mixal, ame si nye Saul vinyɔnu la vɛ nam.” 14 Ale David ɖo du ɖe Is Boset be, “Gbugbɔ srɔ̃nye Mixal nam elabena Filistitɔ alafa ɖeka ƒe agbe metsɔ na ɖe eta.”
15 Ale Is Boset xɔ Mikal le srɔ̃a Paltiel si nye Lais vi la si. 16 Paltiel dze srɔ̃a yome nɔ avi fam va se ɖe keke Bahurim, hafi Abner na wòtrɔ yi aƒe.
17 Abner wɔ takpekpe kple Israel ƒe kplɔlawo eye wòɖo ŋku edzi na wo be, “Miedi be David nanye miaƒe fia ɣeyiɣi didi aɖee nye esi.” 18 Egblɔ na wo be, “Azã la su azɔ elabena Yehowa do ŋugbe na David be, ‘Nye dɔla, David dzie mato aɖe nye dukɔ, Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuawo ƒe asi me!’ ”
19 Abner ƒo nu kple Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlawo hã. Emegbe la, eyi Hebron eye wògblɔ ale si wòwɔ nya la ŋu dɔ kple Israelviwo kple Benyamin ƒe viwo la na David.
20 Esi Abner kplɔ ame blaeve ɖe asi va David gbɔ le Hebron la, David xɔ wo nyuie eye wòɖo kplɔ̃ na wo.
21 Esi Abner nɔ dzodzom la, edo ŋugbe na David be, “Ne meɖo aƒe la, mayɔ Israelviwo katã aƒo ƒu na nye aƒetɔ fia la, eye mana woatia wò woƒe fiae abe ale si nèdi xoxoxo ene.” Ale David na Abner trɔ dzo dedie.
Yoab wu Abner
22 Esi Abner trɔ dzo teti ko la, Yoab kple David ƒe aʋawɔla aɖewo gbɔ tso nuwo haƒe eye wotsɔ afunyinuwo gbɔe. 23 Esi wògblɔ na Yoab be Abner, Ner vi, va kpɔ Fia la ɖa eye wòtrɔ dzo dedie le ŋutifafa me eteƒe medidi o la, 24 Yoab yi Fia la gbɔ eye wògblɔ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, Abner va gbɔwò. Nu ka ta nèɖe asi le eŋu? Fifia edzo! 25 Ènya Abner, Ner ƒe vi, nyuie; ɖe wòva be yeable wò, yealé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu eye yeanya nu sia nu si wɔm nèle.”
26 Yoab dɔ amewo ɖa be woana Abner natrɔ agbɔ. Ame dɔdɔawo tu Abner le Sira ƒe vudo la gbɔ eye wòtrɔ gbɔ kpli wo. Ke David menya naneke tso nu sia ŋu o. 27 Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.
28 Emegbe, esi David se nu tso nu sia ŋu la, egblɔ be “Nye kple nye fiaɖuƒe la, míeɖi fɔ le Ner ƒe vi, Abner ƒe ʋu ŋuti le Yehowa ŋkume o yi ɖe mavɔ me. 29 Eƒe ʋu nava Yoab kple fofoa ƒe aƒe la katã ƒe ta dzi. Na be ame si ŋu abi makumaku alo kpodɔ le alo nuwɔamitɔ alo ame si tsi yinu loo alo dɔwuitɔ magbe Yoab ƒe aƒemenɔnɔ gbeɖe o.”
30 Yoab kple nɔvia Abisai wowu Abner elabena ewu wo nɔviŋutsu Asahel le aʋa le Gibeon.
31 David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be, “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa na Abner.” Fia David ŋutɔ dze amekukuɖaka la yome yi ameɖiƒe. 32 Woɖi Abner ɖe Hebron eye fia la fa avi hehehe le Abner ƒe yɔdo to, nenema kee nye ameawo katã hã.
33 Fia David dzi konyifaha sia na Abner be,
“Ɖe Abner aku abe yakame enea?
34 Womebla wò asiwo hafi o.
Womede ga wò afɔwo hafi o.
Èku abe ale si wokuna
le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.”
Eye ameawo katã gafa avi nɛ.
35 Ale wo katã wova eye woƒoe ɖe David nu be wòaɖu nane esi zã medo haɖe o. Ke David ka atam be, “Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi ne made abolo alo nu bubu aɖe nu me hafi ɣe naɖo to!”
36 Ameawo katã de dzesi nya sia eye wokpɔ ŋudzedze le eŋu; le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze wo ŋu. 37 Ale dukɔ blibo la, Yuda kple Israel siaa nya to David ƒe nuwɔnawo me be eƒe asi menɔ Abner ƒe ku la me o.
38 David gblɔ na eƒe amewo be, “Kplɔla gã aɖe kple amegã aɖe ku egbe le Israel 39 eye togbɔ be menye Mawu ƒe amesiamina hã la, nyemate ŋu awɔ naneke kple Zeruya ƒe vi eve siawo o. Yehowa naɖo vɔ̃ɖivɔ̃ɖi teƒe na ame vɔ̃ɖiwo.”