4
Wowu Is Boset
Esi Saul ƒe viŋutsu, Is Boset, se be Abner ku le Hebron la, dzi ɖe le eƒo eye dzidzi ƒo Israel blibo la. Azɔ la, ŋutsu eve nɔ Saul ƒe viŋutsu si eye wonye adzohawo nunɔlawo. Ɖeka ŋkɔe nye Baana eye evelia ŋkɔe nye Rekab. Wonye Rimon, Beerot tɔ, ame si tso Banyamin to la me la ƒe viwo. Wobua Beerot abe Benyamin ƒe akpa aɖe ene elabena ame siwo tso Beerot la si yi Gitaim eye wonɔ afi ma abe amedzrowo ene va se ɖe egbe.
Fia Saul ƒe tɔgbuiyɔvi aɖe si nye ŋutsuvi tekunɔ aɖe la li; fofoae nye Yonatan eye eŋkɔe nye Mefiboset. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan le aʋa me le Yezreel. Esi wose aʋa la me nyawo la, nyɔnu si nɔ ɖevi la dzi kpɔm la si kple ɖevi la yina. Ke ɖevi la ge dze anyi eye to esia me la ɖevia zu tekunɔ.
Rekab kple Baana, Rimon kple Beerot ƒe viwo yi Fia Is Boset ƒe aƒe me gbe ɖeka ŋdɔ esi Is Boset nɔ ŋdɔlɔ̃ dɔm. Woge ɖe aƒea me abe lu tsɔ ge woyi le titinaxɔ me ene; wotɔ hɛ dɔme nɛ eye wosi dzo.
Woyi aƒea me esime wòmlɔ anyi ɖe eƒe xɔ gã me. Esime wowui la, wotso ta le enu. Wokɔ eƒe ta ɖe asi eye wozɔ mɔ zã blibo la heto tagbamɔ. Wotsɔ Is Boset ƒe ta na Fia David hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, esiae nye Saul, wò futɔ, ame si di vevie be yeawu wò la ƒe vi Is Boset ƒe ta. Egbe la Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe ƒome blibo la na wò!”
Ke David ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa, ame si ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me la ka atam 10 be esi ame aɖe gblɔ nam be Saul ku eye yee wui kple susu be dzidzɔnya aɖe gblɔm yele nam la, mewui le Ziklag. Nenemae mexe fe nɛ ɖe eƒe dzidzɔnya la tae nye esi! 11 Ekema nu ka ta nyemabia hlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo wu ame nyui la le eya ŋutɔ ƒe aƒe me le eƒe aba dzi o mahã? Ele be mabia eƒe ʋu tso miaƒe asi me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi.”
12 Ale David ɖe gbe na eƒe ɖekakpuiwo eye wowu wo, wolã woƒe asiwo kple afɔwo eye wotsi woƒe kukuawo ɖe Hebron ta la to. Woɖi Is Boset ƒe ta ɖe Abner ƒe yɔdo me le Hebron.