2
Wosi ami na David abe Yuda fia ene
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.”
David gabiae be, “Du ka mee mayi?”
Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”
Ale David kplɔ srɔ̃awo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel, eƒe amewo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo katã eye woyi Hebron. Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu.
Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la, eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta. Yehowa nave mia nu eye wòatsɔ eƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia kple nyateƒe aɖo eteƒe na mi. Nye hã mave mia nu le nu si miewɔ la ta. Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”
Aʋa dzɔ ɖe David kple Saul ƒe amewo dome
Ke Abner, Saul ƒe aʋafia do ŋgɔ yi Mahanaim be yeatsɔ Saul ƒe viŋutsu Is Boset aɖo fiae, be wòaɖu fia ɖe Gilead, Asuri, Yezreel, Efraim, Benyamin kple Israel ƒe akpa bubuawo keŋ dzi.
10 Exɔ ƒe blaene hafi woɖoe fiae eye wòɖu Israel dzi ƒe eve. Ke Yuda ƒe viwo nɔ David yome 11 eye wòɖu fia le Hebron ɖe Yuda dzi ƒe adre kple afã.
12 Gbe ɖeka la, Aʋafia Abner kplɔ Is Boset ƒe aʋawɔlawo tso Mahanaim yi Gibeon, 13 eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo.
14 Abner gblɔ na Yoab be, “Mina míaƒe ɖekakpuiawo nawɔ fefe kple woƒe yiwo míakpɔ!”
Yoab lɔ̃ hegblɔ bena, “Enyo, na ne woawɔe.”
15 Ale aʋakɔ eveawo dometɔ ɖe sia ɖe tia ɖekakpui wuieve na Benyamin kple Saul vi Is Boset eye wuieve bubu na David. 16 Ame sia ame lé nɔvia ƒe ɖa eye wòtɔ yi axadame na nɔvia. Ale wo katã ku. Woyɔa teƒe ma le Gibeon va se ɖe egbe be “Yi ƒe gbedzi.”
17 Aʋakɔ eveawo de asi aʋawɔwɔ me azɔ eye hafi zã nado la, Yoab kple David ƒe amewo ɖu Abner kple eƒe amewo tso Israel dzi.
18 Yoab nɔviŋutsuwo, Abisai kple Asahel hã nɔ aʋawɔlawo dome. Asahel ƒua du abe zi ene 19 eye eya ɖeka kplɔ Abner ɖo. Medze ɖe ɖusi alo mia me le Abner yome o. 20 Esi Abner nye kɔ kpɔ megbe eye wòkpɔ Asahel wògbɔna la, ebiae be, “Wòe nye ema, Asahel?”
Asahel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee!”
21 Abner gblɔ nɛ be, “Ti ame bubu yome!” Ke Asahel gbe eye wòyi eyometiti dzi.
22 Abner gado ɣli gblɔ nɛ be, “Dzo le afi sia. Ne mewu wò la, nyemate ŋu anɔ te ɖe nɔviwò Yoab nu o.”
23 Ke egbe, megbugbɔ o. Ale Abner ƒo akplɔ ɖe dɔ me nɛ eye akplɔ la ŋɔe do ɖe eƒe dzime. Edze anyi, heku eye ame sia ame si va ɖo afi si wòmlɔ la tɔna ɖe afi ma.
24 Azɔ la, Yoab kple Abisai ti Abner yome. Ɣe la nɔ to ɖom esi wova ɖo Ama togbɛ la gbɔ le Gia lɔƒo le mɔ si yi Gibeon gbegbe la dzi. 25 Abner ƒe aʋawɔlawo tso Benyamin ƒe to la me ƒu asaɖa anyi ɖe to la tame.
26 Abner do ɣli gblɔ na Yoab be, “Ɖe míatsɔ míaƒe yiwo anɔ mía nɔewo wuwu dzi ɖaa? Ɣe ka ɣie nàna wò amewo nagbugbɔ le wo nɔviwo yome?”
27 Yoab ɖo eŋu be, “Metsɔ Mawu ka atam be, ne menye ɖe nèƒo nu o gɔ̃ hã la, anye ne mí katã míatrɔ adzo, ayi aƒe me etsɔ ŋdi.”
28 Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋakɔ la yometiti.
29 Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim.
30 Yoab trɔ le Abner yome eye ekple eƒe amewo hã trɔ yi aƒe. Esi wòxlẽ eƒe amewo kpɔ la, ede dzesii be ame wuiasiekɛ koe tsi aʋa hekpe ɖe Asahel ŋu. 31 Ke Abner ƒe ame alafa etɔ̃ blaade (360), ame siwo tso Benyamin ƒe to la me la ku. 32 Yoab kple eƒe amewo kɔ Asahel ƒe kukua yi Betlehem eye woɖii ɖe fofoa xa. Le esia megbe la, wozɔ mɔ to zã blibo la me eye woɖo Hebron le ŋdi.