6
Yehowa tsɔ nya ɖe Israel ŋu
Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ:
“Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.
Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo
na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.
 
“Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya
siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti.
Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo,
elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti
eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.
 
“O, nye dukɔ, nu ka mewɔ wò?
Fu ka meɖe na wò?
Ɖo eŋu nam!
Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte
eye meɖe wò tso kluvinyenye me.
Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi.
Nye dukɔ, ɖo ŋku aɖaŋu si Moab fia, Balak,
ɖo kple ale si Balaam, Beor ƒe vi la ɖo eŋu nɛ la dzi.
Ɖo ŋku wò mɔzɔzɔ tso Sitim yi Gilgal
la dzi, be nàdze si Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”
 
Nu ka matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa gbɔ
eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋkume?
Matsɔ nyivi si xɔ ƒe ɖeka la asa numevɔ nɛa?
Ɖe agbo akpewo kple amitɔsisi akpe akpewo adze Yehowa ŋua?
Ɖe matsɔ nye ŋgɔgbevi asa vɔe ɖe nye dzidadawo ta
kple nye dɔmevi ɖe nye luʋɔ ƒe nu vɔ̃ ta mahã?
O amegbetɔ, egblɔ nu si nyo la na wò.
Nu ka Yehowa di tso asiwò?
Be nàwɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ nublanuikpɔkpɔ eye nàzɔ
kple wò Mawu la le ɖokuibɔbɔ me.
Israel ƒe agɔdzedze kple tohehe
“Miɖo to! Yehowa le Yerusalem dua katã yɔm.
Ame si vɔa wò ŋkɔ la, nunyalae.
Miɖo to ameƒoti la kple Ame si dɔe ɖa.
10 O, aƒe vɔ̃ɖi! Ɖe maŋlɔ wò kesinɔnu madzɔmadzɔ
kple nudotre sue si dzi fiƒode le la bea?
11 Ɖe matso afia na ame aɖe ne nudanu madzɔmadzɔ le esi
eye nudakpe amebatɔwo yɔ akplo me nɛ fũua?
12 Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse
eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa
eye amebeble le aɖe dzi na wo.
13 Eya ta nye hã matsrɔ̃ wò,
agbã wò gudugudu ɖe wò nu vɔ̃wo ta.
14 Àɖu nu, ke màɖi ƒo o,
eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa.
Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o,
elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la,
matsɔe ade asi na yi.
15 Àƒã nu, ke màŋe nu o;
àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o;
àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o.
16 Miewɔ nu ɖe Omri ƒe sewo nu
eye miewɔ Ahab ƒe aƒe la ƒe nuwɔnawo katã.
Miedze woƒe nuɖoanyiwo yome
eya ta matsɔ mi ade asi na gbegblẽ
eye wò amewo azu alɔmeɖenu;
ale dukɔwo ƒe vlododo ava dziwò.”