7
Israel ƒe nublanuitɔnyenye
Baba nam!
Elabena mele ko abe ame aɖe si
le kutsetse dim vevie le ati dzi
le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene.
Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe,
aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.
Alea kee ame nyuiwo hã vɔ le anyigba la dzi.
Mate ŋu akpɔ ame ɖɔʋu ɖeka hɔ̃ɔ hã o.
Ame sia ame le klalo be yeakɔ ʋu ɖi
eye ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.
Woƒe asi eveawo bi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me.
Dziɖula xɔa zãnu eye ʋɔnudrɔ̃la tsoa afia
na ame si na zãnue.
Kesinɔtɔwo ɖoa nu si dim wole;
ale ame siawo blaa nu ɖekae hewɔna.
Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa
ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ.
Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ.
Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe.
Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ.
Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o.
Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o.
Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si
le akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ
elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o;
vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu
eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu.
Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.
 
Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa.
Mele lalam na Mawu, nye Ɖela.
Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã.
Israel agatsitre
O nye futɔ, dzi megadzɔ wò le nye anyidzedze ŋuti o;
togbɔ be medze anyi hã la,
magafɔ ɖe tsitre!
Ne menɔ anyi ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hã,
Yehowa ŋutɔ anye nye kekeli.
Esi meda vo ɖe Yehowa ŋuti ta la
mabɔbɔ ɖe eƒe dɔmedzoe te va se ɖe esime wòadrɔ̃ nye nya
eye wòatso afia nam, ekema akplɔm va kekeli me
eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye.
10 Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee.
Eya ame si bia be,
“Afi ka Yehowa wò Mawu la le?”
Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo
kple ale si woanyamae abe ba ene.
 
11 Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava
eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.
12 Ɣe ma ɣi la, amewo atso Asiria
kple Egipte ƒe duwo me ava
eye ɖewo atso Egipte va se ɖe
keke Frat tɔsisi la nu.
Gawu la, amewo atso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,
tso to dzi yi to dzi, ava kpɔ wò ɖa.
13 Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ta.
Gbedodoɖa kple kafukafu
14 O Yehowa, va kplɔ wò dukɔ kple wò atizɔti,
alẽha si nye wò domenyinu;
alẽha si nɔ eɖokui si le avewo me
kple lãnyiƒe damawo dzi.
Na woaɖu gbe damawo le Basan
kple Gilead abe tsã ene.
 
15 “Abe ale si wònɔ le ŋkeke
siwo me nèdo go tso Egipte ene la,
mafia wo nye nukunuwo.”
 
16 Dukɔwo akpɔe eye ŋukpe alé wo
elabena woƒe ŋusẽwo katã nu ayi.
Woatsɔ woƒe asiwo aɖo nu eye woƒe towo atsi.
17 Woaɖu ʋuʋudedi abe da
kple nu gbagbe siwo tana le anyigba la ene.
Woado le woƒe dowo me kple vɔvɔ̃,
atrɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la
ŋu eye woavɔ̃ miawo hã.
18 Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le
wòanɔ abe wò si tsɔa wò
domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo
kple dzidadawo kena la ene?
Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ
èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.
19 Àgakpɔ nublanui na mí,
atiti afɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo dzi
eye àtsɔ míaƒe dzidadawo katã
aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!
20 Àwɔ nuteƒe na Yakob,
eye àkpɔ nublanui
na Abraham abe ale si nèka atam
na mía fofowo tso blema ke ene.