5
Mawu do dziɖula aɖe tso Betlehem ƒe ŋugbe
O aʋawɔlawo ƒe du.
Ƒo wò aʋawɔlawo nu ƒu
elabena futɔwo ɖe to ɖe mí.
Woatsɔ ati aƒo tome na Israel ƒe dziɖula.
 
“Ke wò, Betlehem, Efrata,
togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la,
mewòe ame si le nye dukɔ Israel
kplɔ ge la ado tso nam.
Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o
elabena eli tso keke blema ke.”
 
Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe
esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi;
eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la
natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ
woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
 
Atsi tsitre akplɔ eƒe alẽhawo le Yehowa ƒe ŋusẽ me
kple Yehowa, eƒe Mawu la ƒe fianyenye me.
Eƒe dukɔ la anɔ anyi le ŋutifafa me
elabena woade bubu eƒe gãnyenye ŋuti
le xexea me godoo.
Ɖeɖe kple tsɔtsrɔ̃
Eyae anye woƒe ŋutifafa.
Ne Asiria ho aʋa va míaƒe anyigba dzi heto
míaƒe mɔ sesẽwo me la,
ekema míadɔ alẽkplɔla adre ɖe eŋuti
kple kplɔla enyi be woakplɔ mí.
Woaɖu Asiria dzi kple yi,
eye woato eƒe agbowo me age ɖe
Nimrɔd ƒe anyigba dzi.
Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be
wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi
be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.
 
Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ ame geɖewo dome
abe ahũ si dza tso Yehowa gbɔ
kple agbafie si dzana ɖe gbe dzi, eye melalaa amegbetɔ
alo kpɔa amegbetɔ ƒe asinu o la ene.
Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo
kple ame geɖewo dome abe
dzata le lã wɔadã siwo le ave me
kple dzatavi le alẽhawo dome ene.
Dzatavi si le yiyim la,
enyea avuzi hevuvua nu
eye ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le esi o.
Àkɔ wò alɔ dzi le dziɖuɖu me ɖe wò futɔwo ŋuti
eye àɖu wò ketɔwo katã dzi.
10 Yehowa be:
“Le gbe ma gbe la,
matsrɔ̃ miaƒe sɔwo
eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo
11 Magbã wò duwo
eye mamu wò mɔ sesẽwo aƒu anyi.
12 Matsi adzewɔwɔ nu le wò anyigba dzi
eye màgasa gbesa azɔ o.
13 Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo
eye magbã wò legba siwo nèwɔ
kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o.
14 Maho miaƒe aƒeli kɔkɔwo aƒu anyi
eye magbã miaƒe duwo.
15 Mlɔeba la, matrɔ nye dziku akɔ ɖe
dukɔ siwo gbe toɖoɖom la dzi eye mabia hlɔ̃ wo.”