4
Yehowa ƒe to la
Le ŋkeke mamlɛawo me la,
woaɖo to si dzi Yehowa ƒe gbedoxɔ
le la te abe to si ƒo towo katã ta la ene.
Woakɔe wòagbɔ togbɛwo katã ta
eye amewo aƒo zi ɖe eŋu.
Dukɔ geɖewo ava agblɔ be,
“Miva. Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi
le Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me.
Afia eƒe mɔwo mí ale be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.”
Nufiame atso Zion ava
eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
Adrɔ̃ ʋɔnu le amewo dome,
eye wòadzra dukɔ sesẽ siwo le kpuiƒe
kple didiƒe siaa la dome ɖo.
Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe,
eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.
Dukɔ matsɔ yi ɖe dukɔ ŋu
alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ
ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te;
eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o
elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me
gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.
Yehowa ƒe ɖoɖo
Yehowa be,
“Le ŋkeke ma dzi la,
maƒo tekunɔwo,
aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu.
Mawɔ tekunɔwo woazu ame mamlɛawo,
eye ame siwo wonya la nazu dukɔ sẽŋu aɖe.
Yehowa aɖu fia ɖe wo dzi
le Zion to dzi tso gbe ma gbe heyi tegbee.
Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla,
O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ,
dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene.
Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene
eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”
Azɔ nu ka ta nèle avi fam
eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa?
Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to?
Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem
abe nyɔnu si le ku lém la enea?
10 O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ,
nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene,
elabena tso azɔ dzi yina la,
àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe,
woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me
le Babilonianyigba dzi,
gake le afi sia la, maɖe wò.
Le afi ma la,
Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.
 
11 Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ
babla ɖe mia ŋuti;
Wogblɔ be:
“Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”
12 Ke womenya Yehowa ƒe susuwo o,
eye womese eƒe ɖoɖowo gɔme o.
Eya ame si ƒo wo nu ƒu abe ale si woƒoa
lu bablawo nu ƒu ɖe lugbɔƒee ene.
13 “Tsi tsitre, O Zion nyɔnuvi, eye nàtugu lu
elabena mana wò dzo nanye gayibɔ,
wò afɔkli nanye akɔbli
eye nàgbã dukɔwo gudugudu.”
Kɔ woƒe afunyinu ŋu na Yehowa
kple woƒe kesinɔnuwo ŋu
na anyigba katã ƒe Aƒetɔ la.