3
Mawu ka mo na kplɔlawo kple nyagblɔɖilawo
Eye megblɔ be:
“Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo.
Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.
Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ
gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃.
Mievuvu ayi le nye amewo ŋu
ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti.
Mieɖu nye amewo katã ƒe lã,
vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo
eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.”
 
Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o
eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta.
Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae;
ne ame aɖe na nu wo,
woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ;
ke ne ame aɖe mena nu wo o la,
wohoa aʋa ɖe eŋuti.
Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o;
viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o.
Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi.
Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe
eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo.
Woatsɔ asi atsyɔ mo
elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.”
Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ,
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye
eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye
kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ
kple Israel ƒe nu vɔ̃.
 
Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo
kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.
Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ
eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.
10 Mi ame siwo tu Zion ɖe ʋukɔkɔɖeanyi dzi
kple Yerusalem ɖe vɔ̃ɖinyenye dzi.
11 Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu.
Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta
eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta
gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be:
“Yehowa le mia dome
eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.”
12 Miawo ta woaŋlɔ
Zion abe agble ene,
Yerusalem azu glikpo gã ɖeka
eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.