9
Wodzi ŋutsuvi na mí
Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu.
Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe,
ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi la, kekeli klẽ na wo.
Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi.
Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si
amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi
kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne
wole aboyonu mam la ene.
Ale si wònɔ le Midiatɔwo ŋɔli ene la,
ègbã kɔkuti si nye agba la na wo,
èɖe kɔsɔkɔsɔ si le kɔ na wo
kple ame siwo te wo ɖe anyi la ƒe ameƒoti ɖa.
Woatɔ dzo aʋawɔlawo ƒe afɔkpawo kple awu si bliba
ʋu le aʋa me la, eye dzo afia wo,
elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí.
Dziɖuɖu le eƒe abɔta,
eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,
“Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,
Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”
Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o.
Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi
kple eƒe fiaɖuƒe la me,
ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee
tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me.
Nu sia ava eme, elabena Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe didi vevie awɔe ade goe.
Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu
Aƒetɔ la ɖo du ɖe Yakob,
eye wòava ƒo ɖe Israel dzi
ne amewo katã nadze sii hekpe ɖe Efraim kple Samariatɔwo,
ame siwo nɔa gbɔgblɔm le dada kple adegbe ƒuƒlu me be,
10 “Anyikpewo mu dze anyi,
gake míagbugbɔ wo atu kple kpe tɔxɛwo;
wotso gbotiwo ƒu anyi,
ke míado sedatiwo ɖe wo teƒe”,
11 gake Yehowa do Rezin ƒe futɔwo ɖe dzi ɖe wo ŋu,
eye wòde ƒu lãme na eƒe futɔwo.
12 Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe
vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la.
 
Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la,
Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko.
 
13 Gake ame siawo metrɔ ɖe ame si ƒo wo la ŋu o,
wogbe be yewomadi Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la yomemɔ o.
14 Ale Yehowa tsrɔ̃ ta kple asike,
deʋaya kple keti siaa ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.
15 Ame tsitsiwo kple ame ŋkutawoe nye ta la,
eye nyagblɔɖila siwo fiaa alakpadada lae nye asike la.
16 Ame siawo kplɔlawo nye ameblelawo,
eye ame siwo blem wole la bu.
17 Eya ta Aƒetɔ la makpɔ dzidzɔ le ɖekakpuiwo ŋu
alo ave tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo nu o,
elabena wo katã wonye mawumavɔ̃lawo kple ame vɔ̃ɖiwo
eye wo katã wogblɔa nya vlowo.
 
Ke le esiawo katã megbe hã la, eƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.
 
18 Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene.
Efia ŋuwo kple aŋɔkawo,
eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo,
ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
19 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe dɔmedzoe na dzo ƒo anyigba,
eye dukɔ la anye dzodonu,
ame aɖeke makpɔ nɔvia ta o.
20 Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum,
woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o.
Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã.
21 Manase aɖu Efraim, eye Efraim aɖu Manase,
wo kple eve la siaa woatso ɖe Yuda ŋu.
 
Le esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu metsi o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.