8
Asiria, Yehowa fe dɔwɔnu
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba. Mayɔ nunɔla Uria kple Zekaria, Yeberekia ƒe vi be woanye ɖasefo wɔnuteƒewo nam.” Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba. Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”
Yehowa gagblɔ nam be,
“Esi wònye be ame siawo gbe nu le Siloa
tsi si tsana blewu la gbɔ,
eye wokpɔ dzidzɔ ɖe Rezin
kple Remalia ƒe vi ŋu la,
eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi la
ƒe tsi nyanyra sẽŋuwo ava kɔ ɖe wo dzi.
Tɔɖɔɖɔ la anye Asiria fia le eƒe ŋɔdzi katã me.
Tɔ la aɖɔ agbagba, eye wòage ɖe tɔʋuwo katã me;
asi ato Yuda, atsyɔ edzi agbagba,
eye wòaɖɔ́ va se ɖe eƒe ve ke.
Eƒe aʋala akeke atsyɔ miaƒe anyigba ƒe kekeme,
O! Mawu li kpli mi!”
 
Mi dukɔwo mido aʋaɣli,
eye dzi naɖe le mia ƒo.
Miƒu to anyi,
mi ame siwo le didiƒenyigbawo dzi.
Mibla akpa na aʋawɔwɔ, ke dzi neɖe le mia ƒo;
mibla ali dzi, ke dzi neɖe le mia ƒo.
10 Mide aɖaŋu na aʋawɔwɔ,
gake woagblẽ miaƒe aɖaŋudede,
miwɔ ɖoɖowo, gake womadze edzi o,
elabena Mawu li kpli mi.
Vɔ̃ Mawu
11 Ale Yehowa ƒo nu kplim kple kakaɖedzi hede se nam be, magadze ame siawo yome o.
12 Mègaxɔ nugbeɖoɖo si
ame siawo le wɔwɔm la o,
mègavɔ̃ nu siwo vɔ̃m wole la o,
eye womegado ŋɔdzi na wò o.
13 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la koe nye ame si miabu kɔkɔe.
Eyae nye ame si ado ŋɔdzi na mi,
14 eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kikli
na Yuda kple Israel ƒe aƒe, esi woakli adze anyi.
Gake anye xevimɔ kple adoboli na Yerusalemtɔwo.
15 Ame geɖewo aklii,
adze anyi, eye woaŋe keŋkeŋ.
Woatre mɔ alé wo.
 
16 Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nu
le nye nusrɔ̃lawo dome.
17 Makpɔ mɔ na Yehowa
ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la;
maɖo dzi ɖe eŋu.
18 Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.
19 Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa? 20 Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o. 21 Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. 22 Ekema woade wo to, ke nu si ko woakpɔe nye vevesese kple viviti kple blukɔ dziŋɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me.