10
Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo,
ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,
be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi,
woada adzo dzɔdzɔenyenye le
ame teɖeanyiwo si,
woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo.
Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la
esi gbegblẽ atso adzɔge ava?
Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi?
Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?
Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo
kple ame siwo tsi aʋa ko,
ke to esiawo katã megbe hã la,
Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o,
eye eƒe alɔ gale dzi ko.
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Asiria
“Baba na Asiria, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti;
ame si ƒe asi me metsɔ nye dɔmedzoe ƒe asi dee.
Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu ŋu,
meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si doa dɔmedzoe nam la ŋu,
ne wòaɖe aboyo eƒe amewo,
aha wo, eye wòafanya wo,
anya wo abe anyi ene le woƒe ablɔwo dzi.
Ke menye esiae nye eƒe susu o,
menye esia bum wòle o,
eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu,
eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ.
Egblɔ be, ‘Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?’
‘Ɖe Kalno medze anyi abe Karkemis ene, Hamat abe Arpad ene,
eye Samaria abe Damasko ene oa?
10 Ale si nye asi su fiaɖuƒe siawo
kple woƒe legba siwo de ŋgɔ
wu Yerusalem kple Samariatɔwo dzi la,
11 ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo
abe ale si mewɔ Samaria
kple eƒe legbawoe ene oa?’ ”
12 Ne Yehowa wu nu siwo katã wòɖo be yeawɔ kple Zion to la kple Yerusalem nu vɔ la, ekema agblɔ be, “Mahe to na Asiria fia le eƒe dada kple ɖokuikpɔkpɔ gãe ta. 13 Elabena egblɔ be,
“ ‘Nye ŋutɔe tsɔ nye asi wɔ nu siawoe.
Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa,
ha woƒe kesinɔnuwo, eye abe ŋusẽtɔ ene la,
mebɔbɔ woƒe fiawo ɖe anyi.
14 Abe ale si woƒoa asi ɖe xevitɔ me ene la,
nenemae nye asi ɖo dukɔwo ƒe kesinɔnuwo gbɔe;
abe ale si amewo lɔa xevizi siwo wogble ɖe xevitɔwo me ene la,
nenema melɔ xexeme dukɔwoe:
ame aɖeke meli, ƒo aʋala alo ke eƒe dɔ xlɔ̃ o.’ ”
 
15 Ɖe fia aƒo adegbe wu ame si tsɔe le nu lãma?
Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ wu ame si le eŋuti dɔ wɔma.
Ɖe ameƒoti ate ŋu aƒo ame si lée ɖe asi alo ɖe
atizɔti ate ŋu akɔ eɖokui ɖe dzi mahã?
16 Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã,
eye dzo abi le eƒe amegãwo dome
abe ale si dzo binae ene.
17 Israel ƒe Kekeli azu dzo,
eƒe Kɔkɔetɔ la anɔ abe dzo bibi ene,
eye le ŋkeke ɖeka dzi la,
abi afia ŋuwo kple aŋɔkawo.
18 Abe ale si dɔléle vɔ̃ɖi dzea ŋutsu dzi hewunɛ ene la,
nenema ke Yehowa atsrɔ̃ Asiria ƒe ave dodowo
kple woƒe agblenyigba nyuiwo gbidigbidi.
19 Avemetiawo abi ale gbegbe be, ɖevi sue ɖeka pɛ gɔ̃ hã ate ŋu
axlẽ esiwo susɔ aŋlɔ da ɖi.
Israel ƒe ame mamlɛawo
20 Ava eme le ɣe ma ɣi me be
Israel ƒe ame mamlɛawo kple Yakob ƒe aƒe,
ame siwo tsi agbe la,
magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu o,
ke boŋ aɖo dzi ɖe Yehowa,
Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
21 Ame mamlɛawo atrɔ gbɔ,
Yakob ƒe ame mamlɛawo
atrɔ ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu.
22 Togbɔ be wò dukɔ, O! Israel,
le abe ƒutake ene hã la,
ame mamlɛawo koe atrɔ gbɔ.
Woɖo kpe gbegblẽ dzi, eye dzɔdzɔenyenye gbagbã ɖi.
23 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ahe tsɔtsrɔ̃ si wòɖo ɖi kplikpaa la ava anyigba blibo la dzi.
24 Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi:
“O! Mi ame siwo le Zion, migavɔ̃ Asiria,
ame si ƒo mi kple ameƒoti,
eye wòɖe kpo ɖe mia dzi abe ale si Egipte wɔ ɖe mia ŋu la ene o.
25 Madidi o la, nye dziku ɖe mia ŋu nu ava ayi,
eye matrɔ nye dɔmedzoe ɖe wo tsɔtsrɔ̃ ŋuti.”
 
26 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
aɖe atam ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb ƒe agakpe la gbɔ ene,
eye ado eƒe atikplɔ ɖe tsiawo dzi
abe ale si wòdze le Egipte la ene.
27 Le ŋkeke ma dzi la,
woaɖe woƒe agbawo le wò abɔta,
aŋe woƒe kɔkuti le wò kɔ,
eye woƒe kɔkuti aŋe le miaƒe amidada ta.
 
28 Woge ɖe Ayat,
woto Migron, eye wova gble
woƒe nuzazãwo ɖe Mikmas.
29 Wodo to domemɔ, eye wogblɔ be,
“Miatsi Geba adɔ.”
Rama dzo nyanyanya,
Saul ƒe Gibea de afɔ du me.
30 Do boboe, Galim nyɔnuvi;
Laisa, ƒu to anyi, nublanuie nye Anatɔt.
31 Maglimae si,
Gabimtɔwo ɣla wo ɖokui.
32 Egbea ke, woatɔ ɖe Nɔb ŋu.
Woanye woƒe kɔwo le yame ɖe Zion nyɔnuvi ƒe to
kple Yerusalem ƒe togbɛ la ŋu.
 
33 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
atsɔ ŋusẽ gã aɖe alã atilɔwo tso ati
siwo kɔ de dzi bobobo,
eye wòabɔbɔ ketɔwo ɖe anyi.
34 Woatsɔ fia adza ave dodowo,
eye Ŋusẽtɔ la amu Lebanon ƒe sedatiwo
aƒu anyi le avewo me.