44
Israel dukɔ tiatia la
“Ke azɔ la, ɖo to, o nye dɔla Yakob,
Israel, ame si metia.
Ale Yehowa ame si wɔ wò,
ame si me wò ɖe vidzidɔ me,
ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi,
Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla.
Yerusalem, ame si metia,
elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi
kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi.
Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi
kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.
Woamie abe gbe si le gbedzi ene,
eye woanɔ abe amutiwo le tɔʋuwo to ene.
Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’
Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui,
eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be,
‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.
Yehowa menye legbawo o
“Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ.
Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
Ekema ame kae sɔ kplim?
Neɖe gbeƒãe.
Neva gblɔe, eye wòaɖee afia le ŋkunye me,
nu siwo dzɔ tso esime meɖo nye blemamewo gɔme anyi
kple nu si gbɔna eme va ge.
Ɛ̃, negblɔ nu si ava dzɔ.
Migadzo nyanyanya o.
Migavɔ̃ o.
Ɖe nyemeɖe gbeƒã esia,
eye megblɔe da ɖi gbe aɖe gbe ke oa?
Miawoe nye nye ɖasefowo.
Ɖe Mawu bubu aɖe gali kpe ɖe ŋunyea?
Ao, Agakpe aɖeke megali o.”
 
Ame siwo katã ha legbawo la,
mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu
wode asixɔxɔe la nye tofloko.
Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo,
numanyala siwo menya ŋukpe o.
10 Ame kae kpa aklamakpakpɛ mawo,
eye wòli legba si mahe viɖe aɖeke vɛ nɛ o?
11 Woado ŋukpe aklamakpakpɛwɔla
kple aklamakpakpɛ la siaa,
elabena aɖaŋudɔwɔlawo hã,
amegbetɔwo ko wonye.
Wo katã neƒo ƒu ne woaɖo kpe nu dzi,
ke hã la, woaƒo wo aƒu anyi
kple ŋɔdzi kple dɔléle.
 
12 Gbede tsɔ eƒe dɔwɔnu de gayibɔdzo me.
Etsɔ eƒe zu wɔ dɔ le gayibɔ la ŋu kple eƒe abɔ sesẽ,
eye wòwɔe wòzu legba.
Dɔ wui, eye wògbɔdzɔ.
Meno tsi o, ale nu ti kɔ nɛ vevie.
13 Atikpala tsɔ nudzidzenu,
eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze.
Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe,
eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee.
Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me,
le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be
wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me.
14 Atikpala la lã sedati,
papawu alo logoti.
Ena wòtsi le avemetiwo dome.
Ɖewohĩ edo gboti hã,
eye tsidzadza na wòtsi.
15 Ame la tsɔe wɔ nakee.
Etsɔ ɖe do dzoe le ƒuƒum.
Etsɔ ɖe do dzoe, me abolo.
Etsɔ ɖe wɔ mawue.
Ke etsɔ ɖe wɔ mawue hesubɔna,
eye wòtsɔ ɖe wɔ aklamakpakpɛ hedea ta agu nɛ.
16 Etsɔ ati la ƒe afã do dzoe heɖa nu le edzi.
Eme lã le edzi, eye wòɖu nu ɖi ƒo.
Azɔ eƒu dzo la hegblɔ be:
“Aa! Mekpɔ dzo le ƒuƒum, eye nye lãme xɔ dzo.”
17 Etsɔ ati la ƒe mamlɛa wɔ aklamakpakpɛ,
mawu si wòdea ta agu na hesubɔna.
Edo gbe ɖa nɛ be,
“Ɖem, wòe nye nye mawu.”
18 Ame siawo menya naneke o.
Womese naneke gɔme o.
Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o,
eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o.
19 Nunya mele wo dometɔ aɖeke si wòagblɔ be,
“Metsɔ afã wɔ nakee.
Meme abolo gɔ̃ hã le eƒe dzokawo dzi,
eye meme lã hã le edzi heɖu o.
Ɖe matsɔ mamlɛa awɔ ŋunyɔnuea?
Ɖe madze klo na atikpoa.”
20 Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi,
eye dzi si woble la kplɔe trae,
ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be,
“Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”
 
21 “Ɖo ŋku nu siawo dzi, O! Yakob,
elabena wòe nye nye dɔla, O! Israel.
Nyee me wò, eye nye dɔlae nènye.
O! Israel, nyemaŋlɔ wò be akpɔ o.
22 Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene,
eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi
abe ahũ si dza le fɔŋli ene.
Trɔ̃ va gbɔnye,
elabena meɖe wò.”
 
23 O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ,
elabena Yehowae wɔ esia.
O! Anyigba do ɣli sesĩe.
Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo,
elabena Yehowa ɖe Yakob.
Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.
 
24 “Ale Yehowa,
wò Ɖela, ame si me wò
ɖe dɔ me la gblɔe nye esi:
 
“Nyee nye Yehowa
si wɔ nuwo katã.
Ame si he dziƒowo me,
eye nye ŋutɔe keke anyigbawo me.
25 Nyee gblẽa alakpanyagblɔɖilawo ƒe dzesiwo me,
eye medoa abunɛ bokɔwo ƒe nukakawo,
ame si ɖea nunyalawo le zi dzi,
eye wòtrɔa woƒe nunya wòzua bometsitsi.
26 Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi,
eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme.
 
“Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’
na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’
eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’
27 Ame si gblɔ na tɔ goglowo be,
‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’
28 Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla,
eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye.
Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,”
eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.” ’