45
Yehowa tia Sirus
“Ale Yehowa gblɔ na Sirus, eƒe amesiamina,
ame si ƒe nuɖusibɔ melé be matsɔ abɔbɔ dukɔwo ɖe anyi
le eŋkume be maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si,
ne maʋu mɔwo le eŋgɔ be agbowo matu le eŋgɔ o.
Madze ŋgɔ na wò, agbã towo le ŋgɔwò.
Magbã akɔbligbowo, eye maŋe gayibɔ ƒe gametiwo.
Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ me
kple nu xɔasi siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la na wò,
ne nànya be nyee nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la,
ame si tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
Le Yakob, nye dɔla kple Israel,
nye ame tiatia ta la,
metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe heda bubuŋkɔ ɖe dziwò,
togbɔ be mèdze sim o hã.
Nyee nye Yehowa.
Bubu aɖeke megali o.
Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.
Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã.
Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la,
amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o.
Nyee nye Yehowa.
Bubu aɖeke megali o.
Nyee na kekeli dona.
Nyee wɔ viviti.
Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ,
eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ.
Nye Yehowae wɔ esiawo katã.
 
“Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene.
Lilikpowo nena wòadza.
Na anyigba nake nu baa.
Na ɖeɖe nado tso eme,
eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii.
Nye Yehowae wɔe.
 
“Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla.
Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene.
Ɖe anyi abia zemela be,
‘Nu ka mem nèle mahã?’
Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la,
abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’
10 Baba na ame si gblɔna na fofoa be,
‘Nu ka ta nèdzim ɖo?’ alo na dadaa be,
‘Nu ka ta nèlé ku ɖo?’
 
11 “Ale Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ kple ekplɔla gblɔe nye esi:
Ɖe nàbia gbem tso vinyewo ŋu
alo aɖe gbe nam tso nye asinudɔwɔwɔwo ŋutia?
12 Nyee wɔ anyigba kple ame siwo le edzi.
Nye ŋutɔ nye asiwoe keke dziƒowo me.
Nyee wɔ dziƒoŋunuwo katã.
13 Le nye dzɔdzɔenyenye me, mado ŋusẽ Sirus.
Mana eƒe mɔwo nanɔ dzɔdzɔe.
Agbugbɔ nye du atso, eye wòaɖe asi
le nye aboyomewo ŋuti nam.
Ke maxɔ teƒeɖoɖo aɖeke o,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
14 Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Nu siwo wowɔ le Egipte,
Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala
mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò.
Woaɖo fli ɖe megbewò,
eye woanɔ hame ava gbɔwò.
Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be
‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o.
Mawu bubu aɖeke megali o.’ ”
 
15 Vavãe, ènye Mawu si ɣlaa eɖokui.
O! Mawu kple Israel ƒe Ɖela.
16 Aklamakpakpɛwɔlawo katã aɖu ŋukpe,
eye woakpɔ vlododo.
Wo katã woaɖu ŋukpe.
17 Ke Yehowa aɖe Israel kple ɖeɖe mavɔ.
Màɖu ŋukpe alo akpɔ vlododo yi ɖe mavɔ me o,
 
18 elabena ale Yehowa,
ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu,
ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ,
meyɔe be wòatsi gbɔlo o,
ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi.
Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa,
bubu aɖeke megali o.
19 Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe le anyigba aɖe si do blukɔ la dzi o.
Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be,
‘Midim dzodzro’ o.
Nye Yehowa, nyateƒe ko megblɔna,
eye nu si le eteƒe la ko meɖea gbeƒãe.
 
20 “Miƒo ƒu ne miava.
Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me.
Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta,
eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o.
21 Miɖe gbeƒã nu si ava dzɔ.
Migblɔe ne woase.
Mina woaƒo ƒu ade aɖaŋu.
Ame kae gblɔ nya sia ɖi le blema,
eye wòɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ʋĩi va yi?
Ɖe menye nye Yehowae oa?
Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Nye la, Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ɖelae menye.
Ɖeke megali o, negbe nye koe.
 
22 “Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe,
mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o.
23 Nye ŋutɔ meka atam.
Nye nu gblɔ nya si mede megbe na,
nya si womatrɔ gbeɖe o.
Klo sia klo adze nam,
eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue.
24 Woagblɔ le ŋunye be,
‘Yehowa ɖeka hɔ̃ɔ me ko dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le.’ ”
Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe eŋuti la,
atrɔ ava egbɔ kple ŋukpe.
25 Ke Yehowa mee Israel ƒe dzidzimeviwo katã
akpɔ dzɔdzɔenyenye kple dodoɖedzi le.