43
Israel ƒe Ɖela ɖeka hɔ̃ɔ la
Ke azɔ la, ale Yehowa,
ame si wɔ wò, O! Yakob,
eye wòme wò, O! Israel,
la gblɔe nye esi,
“Mègavɔ̃ o, elabena meɖe wò.
Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be tɔnye nènye.
Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò,
ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò
be tɔsisi la malé wò o.
Ne èto dzo me mame wò o,
eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,
elabena nye Yehowa, wò Mawu,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela.
Metsɔ Egipte ƒle tawò,
eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.
Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò
le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la,
matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe.
Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe.
Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò,
makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe,
eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe.
Magblɔ na anyiehe be,
‘Ɖe asi le wo ŋu.’
Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’
Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe
kple vinyenyɔnuwo tso anyigba
ƒe mlɔenuwo ke vɛ,
ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo,
ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe,
ame siwo meme, eye mewɔ.”
 
Mikplɔ ame siwo ŋku li na,
gake womele nu kpɔm o la
kple ame siwo to li na,
gake womesea nu o la do goe.
Dukɔwo katã kpe ta, eye amewo ƒo takpli.
Wo dometɔ kae gblɔ esia da ɖi,
eye wòɖe gbeƒã nu siwo dzɔ va yi la na mi?
Womekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ,
ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ,
ale be ame bubuwo asee agblɔ be, “Nyateƒee” o.
10 Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo
kple nye dɔla si metia be mianya,
eye miaxɔ dzinye ase,
ase egɔme be nyee.
Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o,
eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o.
11 Nyee, ɛ̃, nyee.
Nyee nye Yehowa.
Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
12 Nye la, meɖee fia. Meɖe eme,
eye meɖe gbeƒã be nyee,
ke menye dzromawu siwo le mia dome lae o.
Miawoe nye nye ɖasefowo.”
13 Yehowae gblɔe.
“Mianyae be nyee nye Mawu.
Ɛ̃, nye koe tso blema ke.
Ame aɖeke mate ŋu axɔ ame le asinye o.
Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”
Mawu ƒe amenuveve kple Israel ƒe anukwaremaɖimaɖi
14 Ale Yehowa, wò Ɖela,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,
“Le tawò madɔ ame ɖo ɖe Babilonia
woaɖakplɔ Babiloniatɔwo vɛ abe aʋasilawo ene,
eye woalɔ wo ɖe woƒe tɔdziʋu
siwo dzi wodana ɖo la me.
15 Nyee nye Yehowa,
miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.”
 
16 Ale Yehowa, ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me,
ame si ɖe mɔ to tɔsisi gãwo me,
17 ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo,
kple kalẽtɔwo ho aʋa,
va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o.
Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi:
18 “Miŋlɔ blemanuwo be.
Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o.
19 Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm!
Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa?
Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo
nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
20 Gbemelãwo, amegaxiwo
kple golowo ade bubu ŋunye,
elabena mena tsi do tso gbegbe,
eye tɔsisiwo do ɖe kuɖiɖinyigba dzi be
mana tsi nye amewo, nye ame tiatiawo,
21 ame siwo mewɔ na ɖokuinye be
woaɖe gbeƒã nye kafukafu.
 
22 “Ke wò, Yakob, mèyɔm o.
O! Israel, mèkpe fu ɖe tanye o.
23 Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo
alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o.
Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o
alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o.
24 Mètsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ nam
alo tsɔa wò lãwo ƒe ami sãa vɔ̃e nam agbadree o,
ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agbae nam,
eye nèɖe fu nam kple wo vodadawo.
 
25 “Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le
nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.
26 Ɖo ŋku tsãnuwo dzi nam.
Na míahe nya sia kple mía nɔewo.
Gblɔ ale si wò nya dzɔe.
27 Fofowò gbãtɔ wɔ nu vɔ̃.
Wò nyanuɖelawo dze aglã ɖe ŋutinye,
28 eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta
siwo le wò gbedoxɔ me.
Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ,
eye Israel na fewuɖuɖu.”