42
Yehowa ƒe dɔla
“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si melé ɖe te,
nye ame tiatia si ŋu mekpɔa ŋudzedze le;
matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi
ne wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.
Mafa avi alo ado ɣli
alo woase eƒe ŋkɔ le mɔtata dzi o.
Maɖe aƒla ŋeŋe la ɖa o,
eye matsi akaɖimeɖovu si
le bibim ɖɔɖɔɖɔ la o.
Adrɔ̃ ʋɔnu le nyateƒe me.
Maʋuʋu alo dzi naɖe le eƒo o
va se ɖe esime wòɖo dzɔdzɔenyenye
ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe anyi ɖe anyigba dzi,
eye ƒukpowo ada woƒe mɔkpɔkpɔwo ɖe eƒe se la dzi.”
 
Ale Yehowa, Mawu, ame si wɔ dziƒo, eye wòhe eme,
ame si keke anyigba kple nu siwo katã doa go tso eme,
ame si na agbegbɔgbɔ edzinɔlawo, eye wòna agbe
ame siwo zɔna le edzi la gblɔe nye esi.
“Nye, Yehowa, meyɔ wò le dzɔdzɔenyenye me.
Malé wò alɔnu.
Makpɔ tawò, ana nànye nubabla na amewo
kple kekeli na dukɔwo,
be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo,
be nàɖe ga gamenɔlawo,
eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me.
 
“Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee ma!
Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe
alo kafukafu ana legbawo o.
Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme,
eye megale yeyewo gblɔm.
Hafi woava dzɔ la,
meɖe gbeƒã tso wo ŋuti na mi xoxo.”
Kafukafuha na Yehowa
10 Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi,
mi nu siwo le atsiaƒu me,
mi ƒukpowo kple ame siwo le wo dzi,
midzi ha yeye na Yehowa.
Midzi eƒe kafukafuha
le anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
11 Gbegbe kple du siwo le afi ma nekɔ woƒe gbe dzi.
Kedar ƒe kɔƒewo me nɔlawo netso aseye.
Ame siwo le Sela la nedzi ha kple dzidzɔ.
Wonedo ɣli tso towo tame.
12 Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa,
eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi.
13 Yehowa ado abe kalẽtɔ ene.
Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene.
Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli,
eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi.
 
14 “Mezi kpi eteƒe didi,
mezi ɖoɖoe, eye melé ɖokuinye kpoo,
ke azɔ la, abe nyɔnu si le ku lém ene la,
mado ɣli, alɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo,
eye manɔ gbɔgbɔm fuxefuxe.
15 Makaka towo kple togbɛwo,
mana gbe damawo katã naƒu,
mana tɔsisiwo nazu tɔdomekpowo,
eye mana tɔʋuwo namie keŋkeŋ.
16 Makplɔ ŋkugbagbãtɔwo ato mɔ si womenya tsã o la dzi,
eye makplɔ wo to mɔ manyamanya dzi.
Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ,
eye mana toƒe tsakliwo nazu zɔzrɔ̃e na wo.
Esiawoe nye nu siwo mawɔ,
nyemagble wo ɖi o.
17 Ke ame siwo ɖoa dzi ɖe aklamakpakpɛwo ŋu,
ame siwo gblɔna na legbawo be,
‘Míaƒe mawuwoe mienye’ la,
woagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe gã.
Israel, ŋkugbagbãtɔ kple tokunɔ
18 “Mi tokunɔwo, mise nu,
mi ŋkugbagbãtɔwo,
mifɔ mo dzi, miakpɔ nu!
19 Ame kae tsi ŋku, eye wòku to
abe nye dɔla si medɔ la ene,
ɖe menye nye dɔlae oa?
Ame kae nye ŋkunɔ abe xɔ̃nye ene,
eye wòtsi ŋku abe Yehowa ƒe dɔla ene?
20 Èkpɔ nu geɖe, gake mètsɔ wo de ta me o,
wò towo le ʋuʋu ɖi, gake mèse naneke o.”
21 Edze Yehowa ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta be,
wòade gãnyenye kple bubu eƒe se ŋu.
22 Ke esia nye ame siwo woda adzoe, eye woha wo;
mɔ ɖe wo katã le dowo me,
eye wobe ɖe gaxɔwo me.
Wozu nuhaha, eye ame aɖeke meli axɔ na wo o.
Wozu nu siwo woda adzoe,
eye ame aɖeke meli agblɔ be,
“Mitrɔ wo yii o.”
 
23 Mia dometɔ kae aɖo to nu sia
alo alé to ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu tsitotsito?
24 Ame kae de Yakob asi be wòazu nuhaha,
eye wòde Israel asi na adzodalawo?
Ɖe menye Yehowa, ame si ŋu miewɔ nu vɔ̃ ɖo lae oa?
Elabena wogbe eƒe mɔwo dzi toto,
eye womewɔ ɖe eƒe sewo dzi o.
25 Eya ta wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la
kple aʋawɔwɔ ƒe nu vlowo kɔ ɖe wo dzi.
Ena dzo bi ƒo xlã wo, gake womese egɔme o.
Dzo la fia wo, gake mede dzi gbɔ na wo o.