41
Israel ƒe kpeɖeŋutɔ
“Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me!
Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu!
Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu.
Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe.
 
“Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe,
heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ?
Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume.
Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ,
eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene.
Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o,
gake naneke mewɔe o.
Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go,
eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke?
Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo,
eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.”
 
Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃.
Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe,
woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe;
ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu,
eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.”
Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula,
ganutrela de dzi ƒo na zudala.
Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.”
Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o.
 
“Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia.
Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo.
Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo,
meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke.
Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’
Metia wò, eye nyemegbe wò o,
10 eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.
Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu.
Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò;
matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
 
11 “Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava
ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi,
ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃,
eye wo nu ava ayi.
12 Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o.
Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko,
13 elabena nyee.
Nye Yehowa, wò Mawu,
ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be
‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’
14 Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob,
O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.”
Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.
15 “Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si
ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu.
Àfanya towo, agbã wo gudugudu,
eye àwɔ togbɛwo woazu fufu.
16 Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe,
eye ahomuya alɔ wo ɖe nu,
ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu,
eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
 
17 “Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim,
ke womekpɔ ɖeke o.
Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta.
Ke nye Yehowa, matɔ na wo;
nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.
18 Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame,
eye tometsiwo nasi to balimewo.
Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo,
eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo.
19 Mana sedati, logoti,
gboti kple amiti namie ɖe gbegbe,
eye mana xeti, fɔfɔli,
kple sesewu namie ɖe dzogbe.
20 Ale be amewo nakpɔe, anyae,
abu eŋu, eye woase egɔme be,
Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe
Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.”
 
21 Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to.
Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe.
22 “Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ ne
woava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí.
Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí be
míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu
alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí.
23 Nya kae le etsɔ si na mí ne
mianya be mawuwoe mienye.
Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃,
ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí.
24 Ke miele naneke hã me o,
eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o.
Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu.
 
25 “Menyɔ ame aɖe tso anyiehe
eye wòle mɔ dzi gbɔna.
Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe,
eye wòyɔa nye ŋkɔ.
Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene,
efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene.
26 Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea,
ne mienyae do ŋgɔ,
ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’
Ame aɖeke megblɔ esia o.
Ame aɖeke megblɔe da ɖi o;
ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o.
27 Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be,
‘Kpɔ ɖa, wole afii!’
Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem.
28 Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o,
ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o.
Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya
si mebia wo la ŋu nam o.
29 Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko!
Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o.
Woƒe legbawo hã nye ya
kple tofloko ko.