40
Akɔfafa na Mawu ƒe amewo
Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo,
miaƒe Mawu lae gblɔe.
De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be,
eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu.
Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve
tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
 
Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi:
“Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe.
Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.
Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to
kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi;
anyigba tsakliwo katã azu zɔzrɔ̃e,
eye teƒe siwo katã kɔ kpo la azu sɔsɔe.
Woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go,
eye amegbetɔƒomea katã akpɔe,
elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.”
 
Gbe aɖe ɖi be, “Ɖe gbeƒã!”
eye mebia be, “Nu ka ƒe gbeƒã maɖe?”
 
“Amegbetɔwo katã le abe gbe ene,
eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,
elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi.
Vavãe amewo katã le abe gbe ene.
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,
ke miaƒe Mawu ƒe nya nɔa anyi tegbee.”
 
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Zion,
lia to kɔkɔ aɖe.
Wò ame si tsɔ du nyui vɛ na Yerusalem, kɔ wò gbe dzi nàdo ɣli,
kɔ gbe dzi, mègavɔ̃ o;
gblɔ na Yuda ƒe duwo be,
“Miaƒe Mawue nye esi!”
10 Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ,
eye eƒe abɔ le dzi be yeaɖu fia.
Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋuti,
eye eƒe teƒeɖoɖo hã kpe ɖe eŋuti.
11 Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔla ene;
alé alẽviawo ɖe abɔdome,
alé wo ɖe eƒe akɔnu,
eye wòakplɔ alẽnɔwo kple beléle.
 
12 Ame kae dzidze tsi ɖe eƒe asiʋlome
alo tsɔ eƒe asi ƒe kekeme dzidze dziƒoe?
Ame kae lɔ ke si le anyigba la ɖe nudonu me
alo da towo le nudanu me
kple togbɛwo le nudanu dzi?
13 Ame kae ase Yehowa ƒe susu gɔme
alo anye eƒe aɖaŋudela aɖo aɖaŋu nɛ?
14 Ame ka gbɔ Yehowa yi be wòaɖe nugɔme nɛ
alo wòafia mɔ dzɔdzɔetɔe?
Ame kae fia nunya alo gɔmesese ƒe mɔe?
 
15 Vavãe dukɔwo le abe tsi si ge toŋtoŋ tso tɔkpo me ene,
wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu dzi ene,
eye wòda ƒukpowo le nudanu dzi
abe ʋuʋudedi ko wonye ene.
16 Lebanon ƒe avemetiwo mesɔ gbɔ
woatsɔ awɔ nakee ado dzoe le vɔsamlekpui dzi o,
eye eƒe lãhawo hã mesɔ
gbɔ ade numevɔsawo nu o.
17 Dukɔwo katã menye naneke le eƒe ŋkume o.
Ebua wo abe nu maɖinuwo ko ene, eye wonye tofloko.
 
18 Ekema ame ka míatsɔ asɔ kple Mawu,
eye nɔnɔme ka míatsɔ asɔ kplii?
19 Legba nye aɖaŋuwɔla ƒe nuwɔwɔ.
Sikanutulae tsɔ sika fa ɖe eŋu,
eye wòtsɔ klosalo wɔ kɔsɔkɔsɔ de nɛ.
20 Ame dahe si, si nu siawo mele o la
wɔa ati si megblẽna o la ŋu dɔ.
Edia atikpala si aɖaŋu le mo na be
wòakpa aklamakpakpɛ,
eye wòalii be mamu adze anyi o.
 
21 Ɖe mienya oa? Ɖe miesee oa?
Ɖe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa?
Ɖe miese egɔme tso anyigba
ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke oa?
22 Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame,
eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete.
Ekeke dziƒowo abe avɔ ene,
eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.
23 Eɖea bubu le amegãwo dzi,
eye wòwɔa xexe sia me dziɖulawo
wozua nu maɖinuwo.
24 Womekpɔ do wo o, womekpɔ ƒã wo o,
womekpɔ to ke ɖe anyigba me o,
kasia egbɔ ɖe wo dzi,
woyrɔ, eye ya va kplɔ wo dzoe abe atsa ene.
 
25 Kɔkɔetɔ la be, “Ame ka miatsɔm asɔ kplii
alo ame kae sɔ kplim?”
26 Miwu mo dzi ne miakpɔ dziƒo.
Ame ka wɔ nu siawo katã?
Ame si ɖe dziƒoŋunuwo ɖe go ɖekaɖeka,
eye wòna ŋkɔ ɖe sia ɖe lae.
Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple eƒe alɔ sesẽ la ta,
mena ɖeke bu le wo dome o.
 
27 O! Yakob, nu ka ta nègblɔ ale, eye O! Israel,
nu ka ta nègblɔ be,
“Nye mo ɣla ɖe Yehowa, eye nye Mawu
metsɔ ɖeke le nye nyawo me o?”
28 Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa?
Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la.
Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla.
Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o.
Eƒe nugɔmesese goglo.
Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.
29 Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te,
eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.
30 Nu tia kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye wogbɔdzɔna.
Nenema ke ŋusẽ vɔna le ɖekakpuiwo ŋu,
eye wodzea anyi,
31 gake ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la
ƒe ŋusẽ gaɖoa yeye me.
Woadzo ayi dzi abe hɔ̃wo ene.
Woaƒu du, gake ɖeɖi mate wo ŋu o.
Woazɔ azɔli, gake nu mati kɔ na wo o.