39
Ame dɔdɔwo tso Babilonia
Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya. Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o.
Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?”
Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso anyigba didi aɖe dzi, tso keke Babilonia.”
Nyagblɔɖila la biae be, “Nu ka wokpɔ le wò fiasã me?”
Hezekia ɖo eŋu be, “Wokpɔ nu sia nu si le nye fiasã la me. Naneke mele nye kesinɔnuwo dome si nyemefia wo o.”
Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ. Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe. Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”
Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”