38
Hezekia ƒe dɔléle
Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ”
Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, “O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.
Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be: “Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.” Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta.
“ ‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo. Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.
Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:
10 Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me,
ɖe mato ku ƒe agbowo me,
eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?”
11 Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o.
Nyemagakpɔ Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o;
nyemagakpɔ amegbetɔwo alo anɔ anyi
kple ame siwo le xexe sia me o.
12 Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye
abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene.
Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la,
nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli.
13 Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli,
gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene,
eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu.
14 Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene,
eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene.
Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm.
O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”
 
15 Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam,
eye eya ŋutɔ wɔ ɖe edzi.
Eya ta mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe.
Le nye agbemeŋkekewo katã me,
le nye luʋɔ ƒe vevesese ta.
16 O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo,
eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me.
Èna mehaya, eye nègana mele agbe.
17 Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae
nèna meto vevesese mawo me.
Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me,
eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.
18 Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o,
ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o,
eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu
akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o.
19 Ame gbagbewo koe akafu wò
abe ale si mele wɔwɔm egbe ene,
eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo.
 
20 Yehowa aɖem, eye míadzi ha
kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me,
le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
21 Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”
22 Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”