37
Nyagblɔɖi tso Yerusalem ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti
Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ. Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Egbee nye xaxa, mokaka kple vlodogbe. Enye ɣeyiɣi sesẽ abe nyɔnu si vi ɖo atame na be wòadzi, gake ŋusẽ mele eŋu be woasii adzi o la ene. Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”
Esi fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. Ɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ”
Esi aʋafia la se be Asiria fia dzo le Lakis la, eya hã ho dzo, eye wòke ɖe fia la ŋu wònɔ aʋa wɔm kple Libna.
Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Esi wòse nya sia la, edɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, 10 “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ 11 Meka ɖe edzi be, èse nu siwo Asiria fiawo tu kple dukɔwo katã, eye wotsrɔ̃ wo gbidigbidi. Ke woaɖe wò ya? 12 Ɖe dukɔ siwo mía fofowo tsrɔ̃ va yi la ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Ɖe Gozan, Haran, Rezef kple Edentɔ siwo le Tel Asar la ƒe mawuwo ɖe woa? 13 Afi ka Hamat fia le, afi ka Arpad fia le, afi ka Sefarvaim dua ƒe fia le, eye afi ka Hena kple Iva ƒe fiawo le?”
Hezekia ƒe gbedodoɖa
14 Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔawo si hexlẽe. Etso heyi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me, eye wòkeke agbalẽ la ɖe Yehowa ŋkume. 15 Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be: 16 “O! Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. 17 O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo katã Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa.
18 “O! Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fiawo na be ame siawo kple woƒe anyigbawo zu gbegbe. 19 Wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me hetsrɔ̃ wo, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ ati kple kpe wonye, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe. 20 Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”
Senakerib ƒe anyidzedze
21 Yesaya, Amoz ƒe vi, ɖo gbedeasi sia ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Esi nèdo gbe ɖa nam tso Senakerib, Asiria fia ŋuti ta la, 22 esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖe eŋuti.’
“Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o
la gbe nu le gbɔwò, eye wòɖu fewu le ŋuwò.
Yerusalem vinyɔnu
ɖo hehe ɖe tawò esi nèlé du tsɔ.
23 Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti?
Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo,
eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe?
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!
24 To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme
le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be,
‘Metsɔ nye tasiaɖamwo,
lia yi towo tame ke,
yi keke Lebanon tame ke.
Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple
eƒe avemeti nyuitɔwo,
meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si
eƒe ave dodowo le.
25 Meɖe vudo ɖe dzronyigbawo dzi,
eye meno wo me tsi le afi ma.
Mena Egipte tɔʋuwo mie
le nye afɔ te.’
 
26 “Mèsee do ŋgɔ oa?
Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke.
Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi;
ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋu
woɖo gli sesẽwo
ɖo la zu anyiglago.
27 Èxɔ ŋusẽ le dua me nɔlawo si.
Woƒe mo wɔ yaa, eye ŋu kpe wo.
Wole abe nukuwo le agble dzi ene,
nu miemie fɛ̃wo le bo dzi
kple gbe siwo mie ɖe xɔ tame la ene.
Ŋdɔ sesẽ ɖu wo,
eye woyrɔ le esime wometsi o.
 
28 “Ke menya afi si nèle.
Menya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna,
eye menya ale si nèdo dɔmedzoe ɖe ŋunye.
29 Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye,
eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la,
matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò,
made numega nu me na wò,
eye mana mɔ si nèto va
la nàgato eya ke dzi adzo.
30 “O! Hezekia, esia anye dzesi na wò:
“Ƒe sia me la, àɖu nuku
si mie le eya ŋutɔ ɖokui si,
eye le ƒe evelia me la,
àɖu nu si mie tso gbãtɔ me.
Ke le ƒe etɔ̃lia me la, àƒã nu, eye àxa nu.
Àde waingble eye àɖu eƒe tsetsea
31 Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe
aƒe la woato ke, eye woatse ku,
32 elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo dome,
eye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi,
Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie
ana esia nava eme.
33 “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi,
“Mage ɖe du sia me alo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o.
Mava afi sia kple akpoxɔnu
alo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o.
34 Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo.
Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.”
Yehowae gblɔe.
35 “Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David,
nye dɔla ta!”
36 Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ. 37 Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la, eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive, eye wònɔ afi ma.
38 Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.