28
Baba na Efraim
Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na
Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo.
Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye
si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku.
Baba na du ma si nye dada na
ame siwo wain flu tagbɔ na!
Kpɔ ɖa, ame si sesẽ,
nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si.
Ava abe tsikpe ƒe dzadza
kple ya si gblẽa nu la ene.
Ava abe kelemetsi kple tsiɖɔɖɔ ene,
be wòatsɔe aƒu gbe ɖe anyigba ŋusẽtɔe.
Seƒoƒotsihe ma si nye Efraim ƒe
ahanomunɔtɔwo ƒe dada la,
woafanyae ɖe afɔ te.
Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye
eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ
na balime nyonuku la anɔ
abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ
na mamlɛawo la ene;
esi ame aɖe kpɔe la,
egbee kaba heɖu.
 
Gbe ma gbe la,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
anye gãnyenye ƒe fiakuku
kple seƒoƒotsihe si dzeani
na eƒe ame mamlɛawo.
Anye afia nyui tsotso ƒe gbɔgbɔ anɔ
ame si le ʋɔnu drɔ̃m la me.
Anye ŋusẽ na agbonudzɔlawo le aʋaŋɔli.
 
Wain na ame siwo hã le mumum sɔgɔsɔgɔ,
eye aha sesẽ na ame siwo le ya mum.
Aha sesẽ na nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo siwo le zɔzɔm sɔgɔsɔgɔ
eye wain na wole movinu wɔm.
Aha sesẽ na ame siwo le ya mum.
Vodada le woƒe ŋutegakpɔkpɔ me,
eye kpɔtsɔtsɔ le woƒe nyametsotso ŋu.
Woɖe xe ɖe kplɔ̃wo katã dzi kpe ɖo,
eye teƒe aɖeke meli si womeɖe xe ɖo o.
 
“Ame ka wòle didim be yeafia nue?
Ame ka wòle eƒe gbedeasi la me ɖem na?
Ɖevi siwo si woxɔ no le la loo
alo vidzĩ siwo woɖe le no nua?
10 Ele ale; se ɖe se dzi, se ɖe se dzi.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi;
afii ʋɛe, afi mɛ hã ʋɛe.”
 
11 Ɖe sia ɖe nyo, Mawu aƒo nu kple dukɔ sia to nuyi
kple aɖe tutɔwo dzi,
12 ame si Mawu gblɔ na be,
“Teƒe siae nye dzudzɔƒe eya ta na
ame siwo ŋu ɖeɖi te la nadzudzɔ,” eye
“Teƒe siae nye gbɔɖemeƒe”,
gake womeɖo toe o.
13 Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be
se ɖe se dzi, se ɖe se dzi.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi,
eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi.
Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi,
eye wonelé mi,
14 eya ta mise Yehowa ƒe nya,
mi fewuɖula siwo le ame siawo dzi ɖum le Yerusalem.
15 Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku,
eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo.
Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la,
maka asi mía ŋu o,
elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee,
eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”
16 Ke ale Aƒetɔ Mawu gblɔe nye esi,
“Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom ɖe Zion,
kpe si wodo kpɔ.
Dzogoedzikpe xɔasi si nye gɔmeɖokpe si maʋã o.
Ame si ɖo ŋu ɖe eŋu la mavɔ̃ o.
17 Matsɔ afia nyui tsotso awɔ eƒe dzidzekae,
eye dzɔdzɔenyenye anye eƒe nudanu,
tsikpe akplɔ miaƒe sitsoƒe si nye alakpa la adzoe,
eye tsi aɖɔ axɔ miaƒe bebeƒe.
18 Woate fli ɖe nu si miebla kple ku la me,
eye gbe si mieɖo ɖi kple yɔdo la madze edzi o.
Ne dɔvɔ̃ zɔ va yi la,
adze mi katã dzi, eye miaɖo baba.
19 Zi ale si nu wòva la, zi nenema ke wòakplɔ mi adzoe.
Tso ŋdi yi ŋdi, le ŋkeke me kple zã me, ava ato mia dzi ayi.”
 
Gbedeasi sia gɔmesese
ɖeɖe ahe ŋɔdzi vɛ.
20 Aba la le kpuie akpã,
màte ŋu adra ɖe edzi o.
Abadzivɔ la mekeke
woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.
21 Yehowa atso abe ale si wòwɔ le Perazim toa dzi ene.
Aʋuʋu eɖokui abe ale si wòwɔ
le Gibeon Balime la ene be
wòawɔ eƒe dɔ wɔnuku la,
eye wòawɔ eƒe dɔdeasi si mienya o.
22 Azɔ midzudzɔ miaƒe fewuɖuɖu
ne menye nenem o la,
miaƒe bablawo agamia mi ɖe edzi.
Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
gblɔ gbegblẽ si wòɖo ɖi kplikpaa ɖe
anyigba blibo la ŋu nam.
 
23 Mise nu si gblɔm mele na mi,
eye miɖo to nya si tom mele na mi.
24 Ne agbledela ŋlɔ nu be yeaƒã nu la,
ɖe wòganɔa nuŋɔŋlɔ dzia?
Ɖe wògadzoboa anyigba,
ganɔa edzadzraɖo dzia?
25 Ne edzra anyigba ɖo vɔ la, ɖe meƒãa sikɔni kple adrike,
lu kple ƒo ɖe agbakawo me,
eye woƒãa bli ɖe agbleliƒowo dzi oa?
26 Eƒe Mawu fiaa nue,
eye wògblɔa nu nyuitɔ si wòawɔ la nɛ.
 
27 Wometsɔa luƒomɔ ƒoa sikɔnie alo tsɔa keke zɔa adrike dzi
hafi woklẽna o, ke boŋ wotsɔa kpo ƒoa sikɔnie,
eye wotsɔa ati ƒoa adrikee.
28 Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe,
eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o.
Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la,
menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o.
29 Esiawo katã tso Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gbɔ;
ame si ƒe aɖaŋudede wɔ nuku, eye eƒe nya me goglo.