29
Baba na David ƒe du la
Baba na wò, Ariel, Ariel du gã,
si me David nɔ.
Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwo
nanɔ edzi yim ɖaa.
Maƒu kpo ɖe Ariel ŋu, afa konyi, axa nu,
ekema anɔ nam abe vɔsamlekpui si ƒo ʋu la ene.
Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo.
Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe,
eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò.
Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume.
Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me.
Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene,
eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene.
 
Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene,
eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene;
kasia zi ɖeka kpoyi,
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ava kple dziɖegbe,
anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe.
Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖe
siwo biaa nu akpe ɖe eŋuti.
Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋu
va dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi,
eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃e
alo ŋutega le zã me ene.
Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e be
yele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi,
eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e be
yele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la,
nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒe
ameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti.
 
Miɖo asi nu, eye newɔ nuku na mi.
Mitre ŋku, eye mizu ŋkugbagbãtɔwo.
Mimu aha, ke menye wain o,
minɔ ya mum, ke menye aha sesẽe o.
10 Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi.
Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo,
eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo.
11 Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.” 12 Alo ne mietsɔ agbalẽ la na ame si mate ŋu axlẽ nu o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku xlẽ nu sia nam” la, aɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.”
13 Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi,
“Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu,
eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye,
ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.
Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwo
ƒe nuɖoɖo siwo wofia wo,
14 eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa
kple nukunuwo ƒe nukunu.
Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi,
eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”
15 Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui be
woaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa;
ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be,
“Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?”
16 Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemela
abe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene!
Ɖe ze agblɔ na zemela be.
“Mènya naneke oa?”
 
17 Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la,
ɖe Lebanon mazu anyigba si nyoa nuku,
eye anyigba si nyoa nuku la natrɔ azu ave oa?
18 Gbe ma gbe la,
tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene,
eye tso blukɔ kple viviti me,
ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu.
19 Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu,
eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.
20 Ŋutasẽlawo nu ava yi,
fewuɖulawo maganɔ anyi o,
eye woatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔa dzidzɔ
le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,
21 ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela,
ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu,
eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea
ame dzɔdzɔe nya mee.
22 Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham, gblɔ na Yakob ƒe aƒe lae nye esi,
“Ŋu magakpe Yakob azɔ o.
Woƒe mo magatsi dãa o.
23 Ne wokpɔ wo viwo le wo dome;
nye asinudɔwɔwɔwo la,
woalé nye ŋkɔ kɔkɔe la me ɖe asi.
Woade dzesi Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ƒe kɔkɔenyenye,
eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la.
24 Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la,
gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”