27
Israel ƒe ɖeɖekpɔkpɔ
Le ŋkeke ma dzi la,
Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã,
sẽŋu la ahe to na Leviatan,
da si nɔa eɖokui xatsam la;
awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã.
Le ŋkeke ma dzi la,
“Miadzi ha tso waingble si tse fũu la ŋu.
Nye Yehowae kpɔa edzi.
Medea tsii ɣe sia ɣi.
Medzɔa eŋu zã kple keli be
ame aɖeke magagblẽe o.
Nyemedo dziku o.
Ɖe wònye ŋu kple aŋɔkawoe mie nam la,
anye ne meho aʋa ɖe wo ŋuti, atɔ dzo wo katã.
Ema manɔmee la, woneva di sitsoƒe le gbɔnye;
woneva míawɔ ŋutifafa,
ɛ̃, woneva wɔ ŋutifafa kplim.”
 
Ŋkekewo li gbɔna esi Yakob ato ke;
Israel aƒo se, eye eƒe kutsetse ayɔ xexea me katã.
 
Ɖe Yehowa ƒoe ƒu anyi abe ale si Yehowa ƒo
ame siwo ƒoe ƒu anyi la enea?
Ɖe wòwui abe ale si wowu
ame siwo wui la enea?
To aʋawɔwɔ kple aboyomeyiyi me, ètu nu kplii,
etsɔ eƒe gbeɖeɖe dziŋɔ la nyae do goe
abe gbe si gbe ɣedzeƒeya ƒo la ene.
To esia me ko woalé avu Yakob ƒe vodadawo,
eye esia anye kutsetse si ado tso
eƒe nu vɔ̃wo ɖeɖe ɖa me.
Eyae nye be wòagbã vɔsamlekpuiwo;
woatu wɔ abe ɣe ene eye aƒeliwo
ƒe dzudzɔʋeʋĩdoƒewo maganɔ anyi o.
10 Du si woglã la zu aƒedo,
amenɔƒe si amewo megale o.
Wogblẽe ɖi wòzu gbegbe, afi si nyiviwo ɖua gbe le;
afi mae wotsyɔa akɔ ɖo, eye woɖua wainti ƒe alɔwo
11 Wainka la kuna, ŋena dzea anyi,
eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe,
elabena wonye ame masenugɔmewo.
Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o,
eye woƒe Wɔla meve wo nu o.
12 Le ŋkeke ma dzi la, O! Mi Israelviwo, Yehowa aƒo mi abe lu ene tso Frat tɔsisi la to va se ɖe Egipte tɔʋuwo to, eye wòagayɔ mi aƒo ƒui ɖeka ɖeka. 13 Le ŋkeke ma dzi la, kpẽ sesẽ aɖi. Ame siwo le tsɔtsrɔ̃m le Asiria kple ame siwo si yi Egipte la, woatrɔ agbɔ ava subɔ Yehowa le to kɔkɔe si le Yerusalem la dzi.