26
Kafukafuha
Gbe ma gbe la, woadzi ha sia le Yudanyigba dzi be:
Du sesẽ aɖe le mía si;
Mawu tsɔ ɖeɖe ɖo gli sesẽ aɖe ƒo xlãe.
Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme;
dukɔ si lé xɔse me ɖe asi.
Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la
nanɔ ŋutifafa gã aɖe me,
elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò.
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena
Yehowae nye Agakpe mavɔ la.
Ebɔbɔa ame siwo le kɔkɔƒe la ɖe anyi,
ebɔbɔa du si do eɖokui ɖe dzi la ɖe anyi.
Egbãnɛ va se ɖe anyigba ke,
eye wòtutunɛ dea ke me.
Wotua afɔe ƒua anyi.
Ame dahewo kple ame siwo wote ɖe to lae tua afɔe.
 
Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e;
O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃.
Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm;
wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.
Nye luʋɔ le diwòm vevie le zã me,
le ŋdi la, nye gbɔgbɔ tsia dzi ɖe ŋuwò vevie.
Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖiɖi ɖe anyigba dzi la,
xexemetɔwo srɔ̃a wò dzɔdzɔenyenye.
10 Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la,
womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o;
le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la,
wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko,
eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o.
11 O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo,
gake womekpɔe o.
Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò
amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo;
na be dzo si nèdzra ɖo ɖi
na wò futɔwo la nava fia wo.
 
12 Yehowa, wòe ɖo ŋutifafa ɖi na mí;
nu siwo katã míete ŋu wɔ la wòe wɔ wo na mí.
13 O! Yehowa, míaƒe Mawu,
aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò,
ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue.
14 Azɔ la woku, womegale agbe o;
ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o;
èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi,
eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be
womagaɖo ŋku wo dzi o.
15 Èkeke dukɔ la ɖe edzi, O! Yehowa;
èna dukɔ la keke ta ɖe edzi.
Èxɔ ŋutikɔkɔe na ɖokuiwò,
eye nèkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi.
 
16 Esi nèhe to na wo, eye womagate ŋu
akɔ gbe dzi ado gbe ɖa o la,
Yehowa, wova gbɔwò le woƒe xaxa la me.
17 Abe ale si nyɔnu si le ku lém la
ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la,
nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa.
18 Fu le mía ɖum;
míele ku lém, gake ya ko míedzi.
Míetsɔ ɖeɖe va anyigba dzi o;
míedzi ame siwo le xexea me o.
 
19 Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe;
woƒe ŋutilãwo atsi tsitre.
Mi ame siwo mlɔ ke me,
minyɔ, eye miado dzidzɔɣli.
Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene.
Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.
 
20 Miheyi, nye amewo.
Mige ɖe miaƒe xɔwo me, eye miatu ʋɔawo.
Miɣla mia ɖokuiwo va se ɖe esime
eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu nava yi.
21 Kpɔ ɖa, Yehowa tso le enɔƒe be yeava ahe to
na anyigbadzinɔlawo le woƒe nu vɔ̃wo ta.
Anyigba aɖe ʋu siwo wokɔ ɖe edzi la afia,
eye magate ŋu aɣla eƒe ame kukuwo o.