12
Efraim ƒua du kplɔa ya ɖo,
etia ɣedzeƒeya yome ŋkekea katã,
eye wòdzia alakpa
kple ŋutasesẽ ɖe edzi.
Ebla nu kple Asiria,
eye wòɖo ami ɖe Egipte.
Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti.
Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta,
eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.
Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi,
eye esi wòtsi zu ŋutsu la,
ete kame kple Mawu.
Ɛ̃, ete kame kple mawudɔla,
eye wòɖu edzi gɔ̃ hã.
Efa avi heɖe kuku nɛ be wòayra ye.
Edo go Mawu le Betel,
ƒo nu kplii le afi ma.
Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ
si ŋkɔe nye Yehowa la ƒo nu nɛ,
eya ta mitrɔ gbɔ va miaƒe Mawu la gbɔ.
Minɔ agbe le nyateƒetoto kple lɔlɔ̃ me,
eye miɖo ŋu ɖe miaƒe Mawu la ŋu be
wòawɔ nu geɖe na mi.
 
Alakpanudanu le asitsalawo si,
wolɔ̃a amebaba.
Efraim dana gblɔna be:
“Kesinɔtɔ gã aɖee menye!
Le nye kesinɔnu gbogboawo ta la,
womakpɔ vodada alo nu vɔ̃ le menye o.”
 
“Yehowa ɖeka kple Mawu ɖeka ma,
si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egipte lae menye,
eye nye kee ana mianɔ agbadɔwo me
abe ale si miewɔnɛ ƒe sia ƒe
le Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu me ene.
10 Medɔ nye nyagblɔɖilawo be
woaxlɔ̃ nu mi to ŋutega,
drɔ̃ekuku kple lododowo me.”
 
11 Ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le Gilgal mahã?
Vavã wonye bometsilawo.
Wotsɔ nyitsuwo sa vɔe le Gilead.
Ɛ̃, woagbã woƒe vɔsamlekpuiwo
ali kɔe ɖe agble dzi.
12 Yakob si yi ɖe Siria,
eye Israel subɔ be yeaɖe srɔ̃,
eye be yeakpɔ ga abia nyɔnu ta la, ekplɔ alẽ.
13 Yehowa kplɔ eƒe dukɔ la do goe
le Egipte to nyagblɔɖila aɖe dzi,
eye wòdzɔ wo ŋuti, fia mɔ wo,
14 gake Efraim do dɔmedzoe
na Yehowa vevie.
Eƒe Aƒetɔ la ana eƒe nu vɔ̃wo ƒe ʋu nava eƒe ta dzi,
eye wòaɖo eteƒe nɛ.