11
Mawu ƒe lɔlɔ̃ na Israel
“Esi Israel nye ɖevi la,
melɔ̃e, eye Egipte meyɔ vinye la tsoe,
abe vinye ŋutsu ene.
Zi ale si meyɔe la,
zi nenema ke wòtrɔ megbe dem,
hele vɔ sam na Baalwo,
eye wòle dzudzɔ ʋeʋĩ dom na legbawo.
Nyee lé Efraim ƒe alɔnu
hefia azɔlizɔzɔe,
gake menyae be
nyee kpɔ ye ta o.
Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka,
eye mebla wo kple lɔlɔ̃.
Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ,
eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.
 
“Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte,
eye Asiria aɖu wo dzi,
elabena wogbe dzimetɔtrɔ.
Aʋa adzɔ le woƒe duwo me;
woagbã woƒe agbo sesẽwo,
eye woatɔ te woƒe ɖoɖowo.
Nye dukɔ ɖoe kplikpaa be yeagbem.
Esia ta ne woyɔ Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la gɔ̃ hã la,
womakpɔ xɔxɔ o.
 
“O, nye Efraim,
aleke mate ŋu atsɔ wò ana?
Israel, aleke mate ŋu aɖe asi le ŋuwò?
Aleke mawɔ agbe wò abe Adma kple Zeboyim ene?
Nye dzi le avi fam le menye,
eye nye dzi xɔ dzo ɖe mia ŋuti be maɖe mi!
Gbeɖe, nyemahe to na mi
abe ale si nye dziku helĩhelĩ le gbɔgblɔm nam ene o,
eye nyemagbã Efraim gudugudu hã o,
elabena Mawue menye,
eye menye amegbetɔe menye o.
Nyee nye Kɔkɔetɔ si le mia dome
eye nyemava le dziku me be magblẽ nu o.
10 Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa.
Aɖe gbe abe dzata ene.
Ne eɖe gbe la,
viawo atrɔ agbɔ
kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe.
11 Woatrɔ tso Egipte abe xeviwo ƒe ha gã aɖe ene.
Nenema ke woatrɔ tso Asiria
abe ahɔnɛ ƒe ha gã aɖe ene.
Magakplɔ wo ayi woƒe aƒewo mee.”
Yehowae gblɔe.
Israel ƒe nu vɔ̃
12 Efraim ƒo xlãm kple alakpa,
eye Israel ƒe aƒe la ƒo xlãm kple beble.
Yuda gadze aglã ɖe Mawu ŋuti,
eye wòtsi tsitre ɖe anukwaretɔ kple Kɔkɔetɔ la gɔ̃ hã ŋu.