13
Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe Israel ŋu
Tsã la, ne Efraim ɖe gbe la,
dukɔwo ʋuʋuna nyanyanya,
elabena wodoe ɖe dzi le Israel,
gake edze Baal subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me eye wòku.
“Ke azɔ la, woƒe aglãdzedze la va de ŋgɔ.
Wotsɔ woƒe klosalo na aɖaŋuwɔlawo,
ame siwo lolõ wo tsɔ wɔ legbawo
le woawo ŋutɔ ƒe nunya nu.
Wogblɔ tso dukɔ sia ŋu be
wotsɔa amegbetɔ saa vɔe,
eye wogbugbɔa nu na nyivilegbawo.
Wo katã woabu vĩi abe afu ene,
eye woaƒu enumake abe ahũ ene;
woakaka abe ale si ya kakana atsakiti ene,
eye woabu abe dzudzɔ ene.
 
“Nye ɖeka koe nye Yehowa, miaƒe Mawu,
eye alea ko mele tso esime
ke mekplɔ mi do goe tso Egipte.
Mawu bubu aɖeke mele mia si o,
negbe nye ko,
elabena ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋutinye o.
Mekpɔ mia ta le gbedzi,
le kuɖiɖinyigba ma dzi.
Ke esi mieɖu nu ɖi ƒo vɔ la,
dada yɔ mia me, mieŋlɔm be,
eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene,
made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene.
Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene,
mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene.
Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.
 
“O Israel, ètsrɔ̃ ɖokuiwò,
elabena ètso ɖe nye,
wò xɔnametɔ ŋu.
10 Afi ka miaƒe fia la le?
Nu ka wɔ miayɔe ne wòaxɔ na mi o?
Afi ka miaƒe dumegãwo katã le?
Ame siwo ŋuti miegblɔ le be,
‘Na fia kple dumegãwo mí’ la le?
Eya ta miyɔ wo woava xɔ na mi!
11 Le nye dziku me, meɖo fia na mi,
eye megaxɔe le mia si le nye dɔmedzoe me.
12 Woƒo Efraim ƒe vodadawo nu ƒu,
eye wodzra eƒe nu vɔ̃wo ɖo ɖe agbalẽ me.
13 Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene,
gake ele abe vi manyanu ene,
elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la,
medoa ta ɖe vidzidɔ nu o.
 
14 “Maɖe wo tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ me,
eye maxɔ wo le ku ƒe asi me.
O ku, afi ka wò ŋɔdzi la le?
O tsiẽƒe, afi ka wò gbegblẽ la le?
Elabena nyemakpɔ nublanui o.
 
15 “Togbɔ be eyae de ŋgɔ wu
le nɔviawo dome hã la,
ɣedzeƒeya tso Yehowa gbɔ aƒo tso gbegbe ava.
Eƒe tsiwo amie, eye vudowo me aƒu kplakplakpla.
Woaha eƒe nudzraɖoƒewo,
eye woalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe.
16 Samaria azu aƒedo,
elabena edze aglã ɖe Mawu ŋu.
Woatsi yi nu,
woalé vidzĩwo axlã ɖe anyi woaku,
eye woako woƒe funɔwo
kple yi agbagbee.”