32
Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba!
Miɖo to nye nyawo!
Nye nyawo adza ɖe mia dzi
abe tsi kple zãmu ene,
abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene,
abe gbafie le togbɛwo ŋu ene.
 
Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye
ŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu!
Eyae nye Agakpe la.
Eƒe dɔ de blibo
eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze.
Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o.
 
Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae.
Meganye Mawu tɔ o.
Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃.
Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua?
O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le.
Ɖe menye Mawue nye fofowò oa?
Menye eyae wɔ wò oa?
Ɖe meɖo gɔwòme anyi,
hena ŋusẽ wò oa?
 
Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi!
Bia fofowòwo kple amegãxoxowo,
woagblɔ nya sia nya na wò.
Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome
ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe
be wòanye dzikpɔla nɛ.
Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o,
elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ!
 
10 Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo
afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le
eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me
abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene.
11 Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi
abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo,
kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi,
abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene!
12 Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm
mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.
 
13 Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ
kpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋu
ena anyitsii tso agakpe me
amii tso kpenyigba me!
14 Ena notsi kple lãe
agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo
Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo,
Ena bli doku nyuitɔe
Ena wòno wain nyuitɔ.
 
15 Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo,
ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã.
Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ
eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.
16 Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta;
eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta.
17 Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o
mawu siwo womesubɔ kpɔ o,
mawu siwo meli tsã o
mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o.
18 Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu
ŋlɔ be be Mawue wɔ ye.
 
19 Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le;
elé fu Israel ŋutɔŋutɔ.
Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe.
20 Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi
nàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa;
ènye dzidzime si liaa kɔ
Mawudzixɔse mele mewò o.
21 Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ,
legba siwo menye mawuwo kura o.
Nye hã mana woaʋã ŋu
dukɔ si menye dukɔ o la.
Mana miado dɔmedzoe
ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.
22 Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe
si bina dea anyigba ƒe tume ke.
Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã,
eye wòtɔa dzo towo.
 
23 “Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi
matee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi.
24 Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔ
nana agbe navɔ le eŋu.
Matsrɔ̃e! Madɔ lã wɔadãwo ɖa,
woavuvui kple aɖu.
Madɔ da aɖivɔ̃ siwo tana la
ɖe wo dome kple aɖi siamewo.
25 Futɔwo ƒe yiwo le dua godo,
eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me.
Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo,
na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.
26 Maka eƒe amewo ahlẽ
ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o.
27 Ke mebu eŋu hekpɔ be,
Nye futɔwo aƒo adegbe be,
‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi;
Menye Yehowae wɔ esia o!’ ”
 
28 Israel nye abunɛdukɔ aɖe
bometsitsi ɖe nunya le tagbɔ nɛ.
29 O! Nunyalawo woanye hafi
anye ne woase nu gɔme;
anye ne woanya nu
tso nu si me woɖo tae la ŋu!
30 Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ
anya wo dometɔ akpe ɖeka
eye futɔ eve ko nanya akpe ewo?
Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu,
eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?
31 Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe
mele abe míaƒe Agakpe la ene o;
gbedodoɖa na woƒe mawuwo
nye nu dzodzro ko!
32 Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo
eye Gomora gblewo me wotso.
Woƒe waintsetse nye aɖi,
eye wo me tsi vena.
33 Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwo
kple ƒli ƒe veve.
 
34 Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ;
metre enu abe kpe xɔasiwo ene
ɖe nye nudzraɖoƒe.
35 Tɔnyee nye hlɔ̃biabia.
Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo
woƒe afɔwo ada;
elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!
 
36 Yehowa axɔ na eƒe dukɔ,
ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu.
Ave ame siwo subɔnɛ la nu
ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o.
37 Ekema Mawu abia be,
Afi ka woƒe mawuwo le?
Agakpe siwo wobu abe sitsoƒe ene ɖe?
38 Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na
kple lãmi kple wain le azɔ?
Mina mawu siawo natsi tsitre,
axɔ na wo!
 
39 Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa?
Mewua ame, eye menaa agbe ame.
Medea abi ame ŋu, eye mewua abi.
Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre
Ɖe nu si mewɔ la ŋu o.
40 Zi ale si wònye nyee
Nye Mawu gbagbe la la,
Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe
41 be manyre nye yi dadzo la,
Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe.
Mabia hlɔ̃ nye futɔwo
ahe to na ame siwo lé fum.
42 Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu
nye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye.
Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o;
abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku.
 
43 Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo,
ehea to na eƒe amewo wulawo;
ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwo
etsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo.
44 Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo. 45 Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la, 46 egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo. 47 Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.”
Mose ku ɖe Nebo to dzi
48 Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be, 49 “Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa. 50 Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene, 51 esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta. 52 Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.”