31
Yosua xɔ ɖe Mose teƒe
Esi Mose wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, egagblɔ na ameawo be, “Fifia mexɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve. Ŋutete megale ŋunye be mado go, eye magava eme o, elabena Yehowa gblɔ nam be nyematso Yɔdan tɔsisi la o. Ke Yehowa miaƒe Mawu ŋutɔ akplɔ mi, atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi, eye miaɖu wo dzi. Yosua nye miaƒe kplɔla yeye la abe ale si Yehowa do ŋugbe ene. Yehowa atsrɔ̃ dukɔ siwo le anyigba la dzi abe ale si wòwɔ Sixɔn kple Ɔg, Amoritɔwo ƒe fiawo ene. Yehowa atsɔ ame siwo le anyigba la dzi la ade asi na mi, eye miatsrɔ̃ wo abe ale si meɖo na mi ene. Misẽ ŋu! Dzi nanɔ mia ƒo! Migavɔ̃ o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la anɔ kpli mi. Mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ mi ɖi hã o.”
Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israelviwo katã ŋkume be, “Kpɔ ŋusẽ! Lé dzi ɖe ƒo, elabena wòe akplɔ ame siawo ayi anyigba si ŋugbe Yehowa do na wo tɔgbuiwo la dzi. Kpɔ egbɔ be woxɔ anyigba la. Mègavɔ̃ o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na wò, anɔ kpli wò, mada le eƒe nya dzi o, eye magblẽ wò ɖi hã o.”
Seawo xexlẽ
Le esia megbe la, Mose ŋlɔ se siwo wòde na ameawo la, eye wòtsɔ wo na nunɔlawo, Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le. Mose tsɔ se siwo wòŋlɔ la na Israel ƒe ametsitsiwo hã. 10 Mose bia tso wo si be, “Le ƒe adre ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, ɣeyiɣi si woɖo da ɖi be woatsɔ fewo ake, le Agbadɔmenɔŋkekenyui dzi, 11 esime Israelviwo katã ado ɖe Yehowa, Mawu ŋkume le teƒe si eya ŋutɔ atia la, ele be nàxlẽ se siawo na Israelviwo katã woase.”
12 Mose yi edzi be, “Yɔ ameawo katã ƒo ƒu, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le mia dome, be woase Yehowa ƒe seawo, eye woasrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu, ale be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miawɔ ɖe eƒe seawo dzi. 13 Wɔ esia ale be miaƒe ɖevi sue siwo menya se siawo o la, woase wo, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkeke ale si mianɔ ŋugbedodonyigba la dzi.”
Nyagblɔɖi tso Israel ƒe aglãdzedze ŋu
14 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume.
15 Yehowa ɖe eɖokui fia wo le lilikpo gã aɖe me le agbadɔ la ƒe mɔnu, 16 eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me. 17 Ekema nye dɔmedzoe abi ɖe wo ŋu, maɖe asi le wo ŋu, maɣla nye ŋkume ɖe wo, eye matsrɔ̃ wo. Nya sesẽ, dziŋɔwo adzɔ ɖe wo dzi, eye woagblɔ be, ‘Mawu megale mía dome o!’ 18 Magbugbɔ le wo yome le woƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ to mawu bubuwo subɔsubɔ me la ta.
19 “Azɔ la, ŋlɔ ha sia ƒe nyawo da ɖi, eye nàfia Israelviwo abe nye nuxlɔ̃ame na wo ene. 20 Ne mekplɔ wo va ɖo anyigba si ŋugbe medo na wo tɔgbuiwo dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ ne wokpɔ lãme, nuwo nyo na wo, wosubɔ mawu bubuwo, do vlom, gblẽ nye nubabla kpli wo me, 21 eye dzɔgbevɔ̃e gãwo dzɔ ɖe wo dzi la, ekema ha sia aɖo ŋku nu si he dzɔgbevɔ̃e va wo dzii la dzi na wo. Ha sia anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Menya dukɔ si tɔgbi wonye xoxo, hafi woava ɖo anyigba la dzi gɔ̃ hã.” 22 Ale Mose ŋlɔ ha la ƒe nyawo da ɖi, eye wòfia ha la Israelviwo.
23 Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.”
24 Esi Mose wu se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me ŋɔŋlɔ nu la, 25 eɖe gbe na Levitɔwo, ame siwo kɔa nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la be, 26 “Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ŋkuɖodzinu na mi 27 elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialiatɔnyenye. Ne egbe si mele mia gbɔ gɔ̃ hã mienye aglãdzelawo ɖe Yehowa ŋu la, aleke gbegbe miaganye aglãdzelawo wu le nye ku megbe? 28 Azɔ la, miyɔ miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe towo ƒe kplɔlawo katã ƒo ƒu, ale be mate ŋu aƒo nu na wo, eye mayɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe wo ŋu. 29 Menya be le nye ku megbe la, miagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo keŋkeŋ, eye miaɖe asi le Mawu kple eƒe seawo ŋu. Ale le ŋkeke siwo gbɔna me la, dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe mia dzi, elabena miawɔ nu si Yehowa gblɔ be enye nu vɔ̃, eye miado dɔmedzoe nɛ vevie.”
Mose ƒe hadzidzi
30 Le esia megbe la, Mose gblɔ ha sia me nyawo katã na Israelviwo ƒe ha blibo la be: