33
Mose yra Israel ƒe toawo
Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:
“Yehowa va mía gbɔ
le Sinai to la gbɔ;
eɖiɖi ɖe mía dzi
tso Seir to la dzi.
Eklẽ tso Paran to la dzi
ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe,
dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime.
Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ
eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me
wole wò afɔtoƒe tom
woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò.
Wò se siwo mede na wo la,
esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu.
Yehowa zu fia le Yesurun
esime Israel ƒe towo kpe ta.
 
“Ruben anɔ agbe tegbee
eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!”
Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be:
“O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo,
na wòawɔ ɖeka kple Israel
wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”
Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be:
“Tsɔ wò Urim kple Tumim
na wò ame kɔkɔe Levi.
Èdo Levi kpɔ le Masa;
nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ.
Ewɔ wò ɖoɖowo dzi,
ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo,
eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo,
fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.
10 Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel
woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui
kple numevɔsamlekpui la dzi.
11 O! Yehowa, yra Levitɔwo
kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ
siwo wowɔna na wò la ŋu.
Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi
na womagafɔ gbeɖe o.”
12 Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be,
“Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye
ele dedie le egbɔ
Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe,
ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.”
13 Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be,
“Yehowa nayra eƒe anyigba
kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo
kple esiwo tso anyigba ƒe tume.
14 Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo
tso esiwo ɣe nana wotsina la dome
wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti
15 nuku siwo wɔna nyuie le towo dzi
kple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi,
16 Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo
kple anyigbadzinu geɖewo,
kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia
le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve.
Yayra siawo katã nava Yosef dzi.
Ame si nye fiavi le nɔviawo dome.
17 Ele abe nyitsuvi ene
Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me.
Eto dzo abe to ƒe dzowo ene;
Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi.
Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo
kple Manase tɔ akpe akpewo.”
18 Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be,
“O! Zebulon, tso aseye
le wò gododo ŋuti,
eye Isaka, kpɔ dzidzɔ
wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ.
19 Woawoe akpe amewo
be woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo.
Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwo
kple nu nyuitɔwo tso anyigba me.”
20 Mose gblɔ tso Gad ŋu be,
“Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo,
Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene
be yeavuvu abɔ kple ta.
21 Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo
na wo ɖokuiwo;
wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo.
Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.”
22 Mose gblɔ tso Dan ŋu be,
“Dan le abe dzatavi
si le kpo tim tso Basan ene.”
23 Egblɔ tso Naftali ŋu be:
“O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ.
Wò anyigba ɖo anyigbeme
tso Galilea ƒu la nu.”
24 Mose gblɔ tso Asar ŋu be:
“Woayra Aser wu to bubuawo katã;
wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo,
amiti geɖewo amie na wò.
25 Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe
àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me!
26 Ame aɖeke mede Yehowa,
Yesurun ƒe Mawu la nu o.
Eɖiɖina tso dziƒo
Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me
be yeaxɔ na wò.
27 Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe,
eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te.
Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò
eyae gblɔ na mi be,
‘Mitsrɔ̃ wo!’
28 Ale Israel nɔa anyi dedie;
le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo,
eye tsi dzana tso dziƒo ɖo.
29 Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ!
Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe
tso Yehowa gbɔ?
Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe!
Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la.
Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò
eye nànya avuzi le wo dzi!”