Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na
Filemon
1
Agbalẽ sia tso nye, Paulo si le ga me ɖe Kristo Yesu ta kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ,
 
Na Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kple hame si kpea ta le aƒewò me.
 
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi.
 
Akpedada kple gbedodoɖa
Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò, elabena mese nu tso wò lɔlɔ̃ kple xɔse si le Aƒetɔ Yesu me kple ame kɔkɔeawo katã ŋu.
Nye gbedodoɖae nye be nàtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nàse nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo. Wò lɔlɔ̃ na dzidzɔ kple dzideƒo gã aɖem, elabena wò, nɔviŋutsu, tsɔ dzidzɔ de ame kɔkɔeawo ƒe dziwo me.
Paulo ɖe kuku ɖe Onisimo ta
Eya ta togbɔ be dzideƒo le asinye le Kristo me be mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si dze be nàwɔ hã la, medi boŋ be maɖe kuku na wò le lɔlɔ̃ ta. Eya ŋuti nye Paulo, amegãxoxo kple ame si va zu Kristo Yesu ƒe gatɔ 10 mele kuku ɖem na wò ɖe vinye Onesimo ta, ame si trɔ zu vinye esi menɔ kɔsɔkɔsɔ me le afii. 11 Tsã la, ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la, etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa. 12 Mele etrɔm ɖo ɖe wò, eye mele nye ŋutɔ nye dzi hã ɖom ɖe wò kplii.
13 Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi. 14 Ke nyemedi be mawɔ nenema ne mèlɔ̃ ɖe edzi o. Nyemedi be nànyo dɔ me nam to dzizizi me o, ke boŋ be wò ŋutɔ nàdi be yeave nunye. 15 Ɖewohĩ, anyo be nàbu nya sia ŋu ale: Onesimo si dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe, ale be azɔ la, wòazu tɔwo tegbee. 16 Onesimo maganye kluvi ɖeɖe ko azɔ o, ke boŋ azu nu si kɔ sãa wu, eye woanye nɔvi lɔlɔ̃a, vevietɔ nam. Agazu ame vevi na wò ŋutɔ hã azɔ, elabena maganye subɔla le ŋutilã me ko o, ke boŋ anye nɔviwò le Aƒetɔ la me hã.
17 Ne menye xɔ̃wò le nyateƒe me la, ekema xɔ Onesimo kple dzaadoname si tututu natsɔ axɔm nenye nyee gbɔna gbɔwò. 18 Ne ewɔ nu vevi aɖe wò alo wòfi wò nane la, ekema kpɔ mɔ na teƒeɖoɖo tso gbɔnye. 19 Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nènyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye! 20 Ɛ̃, nɔvi lɔlɔ̃a, na wò nu sia wɔwɔ nam kple lɔlɔ̃ nanye viɖe nam le Aƒetɔ la me, ekema nye dzi agbɔ ɖe eme le Kristo me.
21 Meŋlɔ agbalẽ sia na wò, elabena meka ɖe edzi be àwɔ nam wu ale si mebia gɔ̃ hã!
22 Meɖe kuku be nàdi amedzroxɔ aɖe da ɖi nam, elabena mele mɔ kpɔm be Mawu ase miaƒe gbedodoɖa, eye woana mava mia gbɔ kpuie.
 
Gbedonamewo kple nyuidinamewo
23 Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒãɖeɖe Kristo Yesu ta la do gbe na mi.
24 Marko, Aristako, Dema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.
 
25 Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe yayra nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la.