Hebritɔwo
ƒe agbalẽ
1
Vi la kɔ wu mawudɔlawo
Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi. Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me. Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.
Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be,
“Wòe nye vinye;
egbe mezu Fofowò”?
Alo wògagblɔ na ɖe be,
“Manye fofoa,
eye eya hã anye Vinye”?
Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be,
“Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”
Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be,
“Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene,
eye eƒe subɔlawo abe dzo ƒe aɖewo ene.”
Ke egblɔ le via ya ŋuti be,
“O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe,
eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti.
Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu ŋutasesẽ, eya ta Mawu,
wò Mawu la tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be
etsɔ dzidzɔ ƒe ami la si na wò.”
10 Egagblɔ be,
“O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexea me ƒe gɔmeɖokpe anyi,
eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.
11 Woatsrɔ̃, gake wò la, ànɔ anyi,
wo katã woanyunyɔ abe awu ene.
12 Àŋlɔ wo abe awu ʋlaya ene,
eye àɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene,
ke wò ya la, ànɔ nenema, màtrɔ o,
eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.”
13 Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be,
“Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò
futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò”?
14 Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.