28
Gbe sia gbe ƒe vɔsawo
Yehowa gblɔ na Mose be, “De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’ Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe. Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me. Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka. Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ. Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume. Mitsɔ alẽvi evelia sa vɔe le fiẽ me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ma ke akpe ɖe eŋu. Esia hã nye dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la na Yehowa.
Sabat ƒe vɔsawo
“Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami. 10 Esia nye Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe ƒe numevɔsa hekpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa ŋu.”
Ɣleti sia ɣleti ƒe vɔsawo
11 “Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa vɔ sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye lã si de blibo le go ɖe sia ɖe me. 12 Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la, 13 eye woatsɔ wɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. 14 Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me.
Ŋutitotoŋkekenyui la
15 “Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti.
16 “Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi. 17 Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o. 18 Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. 19 Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo. 20 Misa numevɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu, 21 eye miatsɔ wɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 22 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka hã asa nu vɔ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta. 23 Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti. 24 Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ. 25 Le ŋkeke adrea gbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o.
Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui
26 “Le kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe, atso aseye le nuŋeŋe yeye la ta. Gbe ma gbe la, ele be miatsɔ nuku yeye siwo mieŋe la ƒe gbãtɔ na Yehowa abe nuɖuvɔsa ene. Ame aɖeke mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. 27 Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko. 28 Miatsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee si wobaka kple ami lita ade kple afã akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ ma lita ene kple afã, si wobaka kple ami la akpe ɖe agbo la ŋu, eye 29 wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 30 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta. 31 Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.”