27
Zelofehad ƒe vinyɔnuwo
Zelofehad, Hefer ƒe vi, Gilead ƒe vi, Makir ƒe vi, Manase ƒe vi, tso Manase, ame si nye Yosef ƒe vi la ƒe ƒome me. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be, “Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o. Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.”
Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume, eye Yehowa gblɔ nɛ be, “Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo.
“Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me. Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me. 10 Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ. 11 Ke ne fofoa nɔviŋutsu aɖeke meli o la, woatsɔe ana eƒe ƒometɔ tututu aɖe. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’ ”
Wotia Yosua be wòaxɔ ɖe Mose teƒe
12 Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi Abarim to dzi, eye nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa to tɔsisi la dzi. 13 Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene, 14 elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.)
15 Mose gblɔ na Yehowa be, 16 “O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo, 17 ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.”
18 Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la, 19 yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume. 20 Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe. 21 Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.”
22 Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la, 23 Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.