4
Nu vɔ̃ ŋuti vɔsa
Yehowa gade se siawo na Mose: “Gblɔ na Israelviwo be, ‘esiawoe nye se siwo ku ɖe ame siwo ada le Yehowa ƒe seawo dzi le ŋuɖeɖi me la ŋu.
“ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume. Ekema nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume. Emegbe la, nunɔla la asisi ʋu la ƒe ɖe ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la me; atsɔ ʋua mamlɛa akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Le esia megbe la, nunɔla la aɖe ami le nyitsua ƒe dɔmenuawo, ayiku eveawo kple aklã la ŋu, 10 eye wòatɔ dzo wo ɖe numevɔsamlekpui la dzi abe ale si wotsɔa nyitsu alo nyinɔ sãa akpedavɔ ene tututu. 11 Ke atsɔ nyitsu la ƒe ayi kple eƒe lã katã, kpe ɖe eƒe ta kple afɔwo ŋu, 12 kple nyitsu la ƒe lã mamlɛa katã ayi asaɖa la godo, teƒe si ŋuti kɔ kple afi si wotsɔa afi ƒua gbe ɖo la, eye wòatɔ dzoe le nakedzo dzi le afi si woli kɔe la dzi.
13 “ ‘Ne Israel dukɔ blibo la wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòwɔ nu si Yehowa de se na wo be womawɔ o la, ameawo katã ɖi fɔ. 14 Ne wova dze si woƒe nu vɔ̃ la, woana nyitsu fɛ̃ aɖe hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Woatsɔ nyitsu la ava Agbadɔ la ŋgɔ. 15 Dukɔ la ƒe ametsitsiwo ada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye woawui le Yehowa ŋkume. 16 Nunɔla la atsɔ nyitsu la ƒe ʋu ayi Agbadɔ la me, 17 ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽe zi adre ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ le Yehowa ŋkume. 18 Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu. 19 Woaɖe eƒe ami ɖe sia ɖe, eye woatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. 20 Woawɔ nu siwo katã wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsasa me. Ale nunɔla la alé avu ɖe dukɔ la nu, eye Mawu atsɔ nu vɔ̃ la ake ame sia ame. 21 Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta.
22 “ ‘Ne dumegã aɖe wɔ nu vɔ̃, gake menya gbã be yewɔ nu vɔ̃, da le Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi o, 23 ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene. 24 Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 25 Ekema nunɔla la atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã sia ƒe ʋu ƒe ɖe, atsɔ eƒe asibidɛ asisi ʋu la ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋu la ƒe mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. 26 Woatɔ dzo lã la ƒe ami katã ɖe vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe amie wònye ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe dumegã si wɔ nu vɔ̃ la nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
27 “ ‘Ne dukɔmevi aɖe da le Yehowa ƒe sewo dzi, gake menya be yewɔ nu vɔ̃ o la, eɖi fɔ. 28 Ke ne eva nya teti ko la, ele nɛ be wòatsɔ gbɔ̃nɔ si de blibo la vɛ be yeatsɔe alé avui ɖe yeƒe nu vɔ̃ ta. 29 Atsɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui. 30 Ekema nunɔla la ade asibidɛ ʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. 31 Woaɖe ami siwo katã le dɔ me na lã la, abe ale si wowɔna le akpedavɔsa me ene, eye nunɔla la atɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Nu sia adze Yehowa ŋu. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.
32 “ ‘Ke ne edi be yeasa vɔ la kple alẽ la, ekema ele be wòanye alẽnɔ si de blibo. 33 Akplɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui abe nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã ene. 34 Nunɔla la ade asibidɛ vɔsaʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, eye woakɔ ʋua ƒe mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. 35 Woawɔ lã la ƒe ami ŋu dɔ abe ale si wowɔa eŋu dɔ le akpedavɔsa me ene. Nunɔla la atɔ dzo lã la ƒe ami ɖe vɔsamlekpui la dzi abe ale si wowɔna kple vɔsanu bubu ɖe sia ɖe si wotɔa dzoe na Yehowa la ene. Ekema nunɔla la alé avu ɖe amea nu, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.