3
Akpedavɔsa
“ ‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae, gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa. Ame si tsɔ lã la vɛ la ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron ƒe viŋutsu siwo nye nunɔlawo la ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo ŋu. Tso akpedavɔsa la me la, asa numevɔ na Yehowa kple ami siwo katã le dɔmenuawo ŋu alo ku ɖe wo ŋu, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu le lã la ƒe ali gbɔ kple esi le aklã la ŋu; aɖewo kple ayikuawo. Nunɔlaawo atɔ dzo nu siawo katã le vɔsamlekpui la dzi hekpe ɖe numevɔsa la ŋu. Nuɖuvɔsa sia anye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu.
“ ‘Ne wotsɔ gbɔ̃ alo alẽ sa akpedavɔe na Yehowa la, ele be wòade blibo; ate ŋu anye agbo alo alẽnɔ, gbɔ̃tsu alo gbɔ̃nɔ. Nenye alẽvie wòatsɔ vɛ la, ele be wòatsɔe ava Yehowa ŋkume. Ele be wòada eƒe asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋkume. Ekema Aron kple via ŋutsuwo ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu. Eye woatɔ dzo eƒe ami, eƒe asike, woalã asike la ɖa tso lã la ƒe dzimeƒu ŋu, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, 10 ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kple aklã. 11 Nunɔla la atɔ dzo nu siawo le vɔsamlekpui la dzi wòanye nuɖuvɔsa na Yehowa.
12 “ ‘Ne ame aɖe tsɔ gbɔ̃ vɛ be yeasa vɔ na Yehowa la, 13 atsɔ eƒe asi ada ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòawui le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron viŋutsuwo ahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo kple ene ŋu, 14 eye wòatɔ dzo ami si le dɔ me nɛ 15 kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu te ɖe lã la ƒe ali ŋu kple ami si le lã la ƒe aklã ŋu la, esi woaɖe ɖa kple ayikuawo. 16 Nunɔla la atɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe nuɖuɖu ene, wòanye numevɔsa, wòanye nu si le ʋeʋẽm nyuie. Ami la katã nye Yehowa tɔ. 17 Esia nye se na mi tegbetegbe le miaƒe anyigba blibo la dzi be miekpɔ mɔ aɖu ami alo ʋu o.’ ”