15
Abiyam, Yuda fia
Le Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Abiyam zu Yuda fia. Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
Abiyam nye nu vɔ̃ wɔla gã aɖe abe fofoa ene eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu ŋu abe Fia David ene o. Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena David ƒe dzidzimeviwo ƒe fiaɖuɖu nu tso o elabena David ɖo to Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me negbe nu si wòwɔ Uria, Hititɔ la ko.
Aʋawɔwɔ nɔ Israel kple Yuda dome enuenu le Abiyam ƒe fiaɖuɣi. Woŋlɔ Abiyam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Abiyam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Asa ɖu fia ɖe eteƒe.
Asa, Yuda Fia
Asa zu Yuda fia le Yerusalem le Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe blaevelia me. 10 Eɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Mamae nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
11 Asa ɖɔ ŋu ɖo hewɔ nu si dza le Yehowa ƒe ŋkume abe ale si tɔgbuia Fia David wɔ ene. 12 Ewu ŋutsu siwo nye gbolowɔlawo katã eye wòɖe legba siwo katã fofoa wɔ la ɖa. 13 Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. 14 Togbɔ be megbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi o hã la, eƒe dzi nɔ Yehowa ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 15 Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
16 Aʋawɔwɔ nɔ edzi ɖaa le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome. 17 Baasa, Israel fia ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia Asa ƒe nuto me alo ado tso eme o.
18 Ale Asa tsɔ klosalo kple sika siwo katã susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe kple nu xɔasi siwo katã nɔ fiasã la me la na eŋumewo. Ena be woatsɔ wo aɖana Siria fia Ben Hadad, si nye Hezion vi Tabrimon ƒe vi le Damasko eye woagblɔ nɛ bena, 19 “Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”
20 Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Egbã Iyɔn, Dan, Abel Bet Maka kple Kineret blibo la hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. 21 Esi Baasa se be woho aʋa ɖe yeƒe duwo ŋu la, edzudzɔ Rama du la tutu eye wòtrɔ yi Tirza. 22 Fia Asa ɖe gbeƒã le Yudanyigba blibo la dzi be ŋutsu lãmesesẽtɔ ɖe sia ɖe nava na kpekpeɖeŋu yewoagbã Rama eye yewoalɔ xɔtukpewo kple xɔtutiwo katã adzoe. Fia Asa wɔ xɔtunu siawo ŋu dɔ tsɔ tu Geba du le Benyamin kple Mizpa du la.
23 Woŋlɔ Asa ƒe agbemeŋutinya mamlɛa, dukɔ siwo dzi wòɖu, eƒe nuwɔwɔwo kple du siwo wòtso la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Dɔléle va dze eƒe afɔwo dzi le eƒe tsitsime. 24 Esi wòku la, woɖii ɖe fiawo ɖiƒe le Yerusalem. Via Yehosafat zu Yuda fia ɖe eyome.
Nadab, Israel fia
25 Le ɣeyiɣi siawo me la, Nadab, Yeroboam ƒe vi zu fia le Israel, le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. Eɖu fia ƒe eve, 26 ke menye fia nyui aɖeke o. Esubɔ legba geɖewo eye wòhe Israel dukɔ la de nu vɔ̃ me abe fofoa ene.
27 Baasa, Ahiya ƒe vi si tso Isaka ƒe to la me ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòwui esime wònɔ Israel ƒe aʋakɔ la me eye wòɖe to ɖe Gibeton, si nye Filistitɔwo ƒe du. 28 Ale Baasa zu Israel fia ɖe Nadab teƒe le Tirza; le Yuda fia, Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me.
29 Baasa wu Fia Yeroboam ƒe dzidzimeviwo katã enumake, ale ame aɖeke megasusɔ ɖe fiaƒome la me o, abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi be ava eme esime wòƒo nu kple Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo la ene. 30 Esia va eme esi Yeroboam do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Israelviwo kpɔkplɔ de nu vɔ̃ me la ta.
31 Woŋlɔ nya bubuawo tso Baasa ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 32 Aʋawɔwɔ nɔ edzi le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome le woƒe fiaɖuɣiwo me.
Baasa, Israel fia
33 Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Baasa, Ahiya ƒe vi zu Israel fia le Tirza. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-ene. 34 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eto Yeroboam ƒe afɔtoƒe eye wòwɔ nu vɔ̃ siwo Yeroboam na Israel wɔ le eƒe fiaɖuɣi.