14
Ahiya ƒe nyagblɔɖi ɖe Yeroboam ŋu
Le ɣe ma ɣi me la, Yeroboam ƒe vi, Abiya dze dɔ eye Yeroboam gblɔ na srɔ̃a be, “Yi, nàtrɔ ɖokuiwò ale be womanya be wòe nye Yeroboam srɔ̃ o, emegbe nàyi Silo. Nyagblɔɖila Ahiya le afi ma, ame si gblɔ nam be manye fia ɖe ame siawo dzi. Tsɔ abolo meme ewo kple akpɔnɔ vivi kple anyitsi goe ɖeka ɖe asi eye nàyi egbɔ. Agblɔ nu si adzɔ ɖe ɖevi la dzi na wò.”
Ale srɔ̃a yi Ahiya ƒe aƒe me le Silo. Ahiya zu ametsitsi aɖe azɔ eye megatea ŋu kpɔa nu o. Ke Yehowa ɖee fia Ahiya bena, fianyɔnu la gbɔna eɖokui trɔ ge abe ame bubu ene eye wòava egbɔ ava bia nyae tso via ŋu elabena via dze dɔ sesĩe. Yehowa gblɔ nu si wòagblɔ na nyɔnu la nɛ.
Ale esi Ahiya se nyɔnu la ŋkɔ le eƒe ʋɔtru nu ko la, edo ɣli be, “Yeroboam srɔ̃, ge ɖe eme. Nu ka ta nèle agbagba dzem be yeadze ame bubui?” Egblɔ na nyɔnu la be, “Nya vɔ̃ aɖe le asinye na wò, gblɔ nya siawo tso Yehowa, Israel ƒe Mawu la gbɔ na srɔ̃wò be, ‘Metia wò tso ame maɖinuwo dome eye meɖo wò fiae ɖe Israel dzi. Mexɔ fiaɖuƒe la le David ƒe ƒometɔwo si hetsɔ na wò gake mèwɔ nye seawo dzi abe nye dɔla, David ene o. David ƒe didi vevi wònye be yeawɔ nye seawo dzi ɣe sia ɣi eye yeawɔ nu sia nu si medi be wòawɔ. Ke èwɔ nu vɔ̃ wu fia siwo katã do ŋgɔ na wò. Èwɔ mawu bubuwo na ɖokuiwò, èdo dɔmedzoe nam kple wò sikanyiviawo eye nètrɔ megbe dem.
10 “ ‘Le esia ta la, mahe dzɔgbevɔ̃e ava Yeroboam ƒe aƒe dzi eye matsrɔ̃ ŋutsuwo katã kple eƒe alimeviwo le Israel. Matɔ dzo Yeroboam ƒe aƒe abe ale si wotɔa dzo lãwo ƒe afɔdzi tso lãkpowo me ene. 11 Meka atam be avuwo aɖu wò ƒometɔ siwo aku le dua me eye xewo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.’ ”
12 Ahiya gagblɔ na Yeroboam srɔ̃ be, “Yi aƒe. Ne èɖo dua me teti ko la, ɖevi la aku. 13 Israel blibo la afae eye woaɖii, gake eya koe nye miaƒe ƒometɔ si aku le ŋutifafa me, 14 Yehowa ŋutɔ aɖo fia aɖe na eɖokui ɖe Israel dzi. Fia sia aɖe Yeroboam ƒe ƒome blibo la ɖa. Egbee nye ŋkeke la! Nu ka? Ɛ̃, fifi laa gɔ̃ hã. 15 Ekema Yehowa aʋuʋu Israel abe ale si tɔsisi nyamaa aƒla si ge ɖe eme la ene, aho Israel le wo fofowo ƒe anyigba nyui sia dzi eye wòakaka wo ɖe Frat tɔsisi la godo, esi wodo dɔmedzoe na Yehowa to aƒeliwo subɔsubɔ me la ta. 16 Yehowa agblẽe ɖi le nu vɔ̃ si Yeroboam wɔ eye wòkplɔ Israel blibo la hã de nu vɔ̃ me la ta.”
17 Yeroboam srɔ̃ trɔ yi Tirza. Esi wòɖo eƒe aƒe me ƒe agbo nu ko la, ɖevi la ku. 18 Wofa ɖevi kuku la le anyigba blibo la dzi abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to eƒe nyagblɔɖila Ahiya dzi la ene.
19 Woŋlɔ Yeroboam ƒe nuwɔna bubuawo, eƒe aʋawɔwɔwo kple nya bubu siwo dzɔ le eƒe fiaɖuɖu me la ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20 Yeroboam ɖu fia ƒe blaeve. Esi wòku la, via Nadab ɖu fia ɖe eteƒe.
Rehoboam, Yuda fia
21 Le ɣeyiɣi sia me la, Rehoboam, Solomo ƒe vi nye fia le Yuda. Exɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Yehowa tia le Israel duwo katã dome be yeanɔ eme la me. Rehoboam dadae nye Naama, Amoni nyɔnu aɖe.
22 Le Rehoboam ƒe fiaɖuɣi la, Yudatɔwo wɔ nu vɔ̃ abe Israelviwo ke ene eye wotsɔ woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ do dɔmedzoe na Yehowa elabena woawo ƒe nu vɔ̃wo wu wo fofowo tɔ gɔ̃ hã. 23 Wotu nuxeƒewo, li aƒeliwo kple legbawo ɖe to kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te. 24 Ŋutsu nuxeƒegbolowo hã xɔ anyigba blibo la dzi. Ame siwo nɔ Yuda la wɔ busunuwo abe trɔ̃subɔdukɔ siwo Yehowa nya le anyigba la dzi be yeƒe amewo nakpɔ teƒe anɔ la ene.
25 Le Fia Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me la, Egipte fia Sisak ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu eye wòɖu edzi. 26 Elɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe. 27 Ke Fia Rehoboam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe eye wòtsɔ wo de asi na eŋudzɔlawo ƒe amegã. 28 Ɣe sia ɣi si Fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
29 Woŋlɔ nyadzɔdzɔ bubuwo tso Rehoboam ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 30 Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu. 31 Esime Rehoboam, ame si dadae nye Naama, Amoni nyɔnu la ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe.