12
Israel tsɔ Rehoboam ɖo fiae
Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo. Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be, “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe dɔ sesẽ wɔwɔ kple kɔkuti kpekpe si wòda ɖe mía dzi la dzi na mí ekema míasubɔ wò.”
Rehoboam ɖo eŋu na wo be, “Miyi ne miatrɔ gbɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale ameawo trɔ dzo.
Tete Fia Rehoboam de aɖaŋu kple ametsitsi siwo nɔ fofoa Solomo ŋu le eƒe agbemeŋkekewo me. Ebia wo be, “Ŋuɖoɖo kae miesusu be mana ame siawo?”
Woɖo eŋu nɛ be, “Ne egbe ànye dɔla na ame siawo, asubɔ wo eye nàna ŋuɖoɖo nyui aɖewo la, woanye wò dɔlawo tegbee.”
Ke Rehoboam gbe mexɔ aɖaŋu si dumemetsitsiawo ɖo nɛ la o ke boŋ eyi ɖade aɖaŋu kple ehati siwo nɔ esubɔm Ebia wo be, “Nu ka miesusu? Aleke míagblɔ na ame siawo esi wova biam be, ‘Ɖe kɔkuti si fofowò tsɔ da ɖe mía dzi la dzi kpɔtɔ na mí’ mahã?”
10 Ɖekakpuiawo, ame siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be, “Gblɔ na ame siawo, esi wogblɔ na wò be, ‘Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi eya ta wɔ wò kɔkuti la wodzoe’ la be, ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ lolo wu fofonye ƒe alime. 11 Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ”
12 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yeroboam kple ameawo katã trɔ va Rehoboam gbɔ abe ale si fia la gblɔ ene be, “Mitrɔ gbɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe la ene.” 13 Fia la ɖo nya la ŋu na wo kple adã eye mewɔ ɖe ametsitsiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi o. 14 Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.” 15 Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.
16 Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo yewo la, woɖo eŋu na fia la be,
“Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me
eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ?
Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me!
Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!”
Ale Israelviwo dzo yi aƒe me. 17 Ke hena Israelvi siwo nɔ Yuda ƒe duwo me la, Rehoboam gaɖu fia ɖe wo dzi ko.
18 Fia Rehoboam dɔ Adoram, ame si kpɔa dzizizidɔwo ƒe nyawo gbɔ la ɖe Israel gake Israel katã ƒu kpee wòku. Ke hã la, Fia Rehoboam dze agbagba ge ɖe eƒe tasiaɖam me eye wòsi yi Yerusalem. 19 Ale Israel dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.
20 Esi Israel ƒe to bubu me tɔwo se be Yeroboam gbɔ tso Egipte la, woyɔe be wòava do go ameawo katã. Woɖoe fiae ɖe Israel dzi le afi ma. Yuda kple Benyamin ƒe towo koe nɔ fia siwo nye David ƒe dzidzimeviwo la te.
21 Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene.
22 Ke Mawu gblɔ nya siawo na Nyagblɔɖila Semaya be, 23 “Gblɔ na Rehoboam, Yuda fia Solomo ƒe vi kple Yuda kple Benyamin kple ame bubuawo katã be, 24 ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: Migawɔ aʋa kple mia nɔviwo, Israelviwo o. Ame sia ame nayi eƒe aƒe me elabena nyee wɔ esia.’ ” Ale woɖo to Yehowa ƒe gbe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.
Sikanyiviwo le Betel kple Dan
25 Azɔ la, Yeroboam tu Sekem du la ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi eye wòna wòzu eƒe fiadu. Etu Penuel du la emegbe.
26 Yeroboam bu be, “Ne nyemekpɔ nyuie o la, ameawo adi David ƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖe abe woƒe fia ene. 27 Ne woyi Yerusalem be woasa vɔ le gbedoxɔ la me la, woadze xɔ̃ fia Rehoboam, ekema woawum eye woana wòazu woƒe fia ɖe tenyeƒe.”
28 Ale Yeroboam wɔ eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe dzi, wowɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be, “Enye fukpekpe na mi akpa be miayi Yerusalem aɖasubɔ Mawu. Israel, kpɔ ɖa, sikanyivi siawoe anye miaƒe mawuwo; woawoe ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte!”
29 Wotsɔ sikanyiviawo dometɔ ɖeka da ɖe Betel eye woda evelia ɖe Dan. 30 Esia nye nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe elabena ameawo subɔ wo. 31 Etu trɔ̃xɔwo hã ɖe toawo dzi eye wòtsɔ ame siwo metso Levi ƒe ƒomea me gɔ̃ hã o la ɖo nunɔlawo. 32 Eɖo ŋkekenyui aɖe anyi da ɖe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi abe ŋkekenyui siwo woɖuna le Yuda ene eye wòsaa vɔ le vɔsamlekpui la dzi. Ewɔ esia le Betel eye wosaa vɔ na nyivi siwo wòwɔ le Betel. Eɖo nunɔlawo na nuxeƒe siwo wòtu. 33 Le ɣleti enyilia, ɣleti si eya ŋutɔ tia la ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, esaa vɔwo le vɔsamlekpui si wòtu ɖe Betel la dzi. Ale wòɖo ŋkekenyui la anyi na Israelviwo eye wòyina ɖasaa vɔwo le vɔsamlekpui la dzi.