11
Salomo srɔ̃wo
Ke hã la, Fia Solomo galɔ̃ dutanyɔnu geɖewo kpe ɖe Farao ƒe vinyɔnu la ŋuti. Nyɔnuawo nye srɔ̃awo kpe ɖe Egipte fiavinyɔnu la ŋu. Srɔ̃awo dometɔ geɖewo nye Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Sidontɔwo kple Hititɔwo. Togbɔ be Yehowa de se na eƒe amewo be womegaɖe srɔ̃ tso dukɔ bubuwo me o elabena dukɔ bubu mawo ƒe nyɔnuwo akplɔ wo ade mawu bubuwo subɔsubɔ me hã la, Solomo ya ɖe wo. Srɔ̃ alafa adre kple ahiãvi alafa etɔ̃ nɔ esi. Ame siawo trɔ Fia Solomo ƒe dzi ɖa tso Yehowa ŋu, vevietɔ le eƒe tsitsime. Wodo ŋusẽe be wòasubɔ woƒe mawuwo le esime wòasubɔ Yehowa, eƒe Mawu le nyateƒe me kple dzi blibo abe ale si fofoa, Fia David wɔ ene la teƒe. Solomo subɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la. Ale Solomo wɔ nu vɔ̃ eye medze Yehowa yome abe fofoa, Fia David ene o.
Etu nuxeƒe aɖe gɔ̃ hã ɖe Amito la dzi le balime la godo tso Yerusalem, na Kemos, Moabtɔwo ƒe ŋunyɔmawu la eye wògatu bubu na Molek, Amonitɔwo ƒe ŋunyɔmawu la hã. Solomo tu nuxeƒewo na srɔ̃a dzronyɔnuwo be woado dzudzɔ eye woasa vɔwo na woƒe mawuwo le teƒe mawo.
Yehowa do dɔmedzoe ɖe Solomo ŋu elabena eƒe dzi ɖe ɖa le Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ɖe eɖokui fiae zi eve la ŋu. 10 Togbɔ be ede se na Solomo be megadze mawu bubuwo yome o hã la, Solomo mewɔ Yehowa ƒe se la dzi o. 11 Ale Yehowa gblɔ na Solomo be, “Esi wònye esiae nye wò nɔnɔme eye mèzɔ ɖe nye nubabla kple nye se siwo mede na wò nu o ta la, maxɔ fiaɖuƒe la le asiwò kokoko eye matsɔe na tewòviwo dometɔ ɖeka. 12 Ke le fofowò, Fia David ta la, nyemawɔ nu sia le wò agbenɔɣi o. Maxɔe le viwò si. 13 Ke nyemaxɔ fiaɖuƒe la katã le esi o; matsɔ to ɖeka nɛ le David, nye dɔla kple Yerusalem, du si metia la ta.”
Salomo ƒe futɔwo
14 Ale Yehowa na Hadad, Edomtɔ la de asi ŋusẽkpɔkpɔ me. Solomo de asi vɔvɔ̃ me elabena Hadad tso fiaƒome me le Edom. 15 Ƒe geɖewo do ŋgɔ na nyadzɔdzɔ sia, esi David kplɔ Yoab yi Edom be yewoaɖi Israelvi aɖewo, ame siwo ku le aʋa me la, Israelviwo wu ŋutsuwo katã kloe le Edomnyigba blibo la dzi. 16 Nu sia wɔwɔ xɔ ɣleti ade. Mlɔeba la, wowu ŋutsuawo katã kloe le Edom negbe Hadad kple fiaŋume ʋɛ aɖewo koe susɔ. 17 Hadad nye ɖevi sue aɖe ɣe ma ɣi. Fiaŋumewo kple Hadad si to Midian, yi Paran, afi si Edomtɔwo va kpe wo le eye woyi Egipte. 18 Fia Farao na dzeƒe kple nuɖuɖu wo.
19 Hadad va zu Fia Farao xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Farao tsɔ Fianyɔnu Tapenes nɔvinyɔnu nɛ wòɖe. 20 Srɔ̃a dzi ŋutsuvi Gebubat nɛ eye wonyi Gebubat le Fia Farao ƒe fiasã me le fia la ŋutɔ ƒe viŋutsuwo dome.
21 Esi Hadad se le Egipte be David kple Yoab siaa ku la, ebia mɔ Fia Farao be yeagbugbɔ ayi Edom.
22 Fia Farao biae be, “Nu ka ta? Nu kae hiã wò le afi sia? Ɖe míegbe nane si nèkpɔ mɔ na la wɔwɔ na wòa?”
Hadad ɖo eŋu be, “Èkpɔ dzinye nyuie ŋutɔ gake hã la, medi be magbugbɔ yi mía de.”
23 Solomo ƒe futɔ bubu si Mawu na wòkpɔ ŋusẽe nye Eliada ƒe vi Rezɔn, Zoba fia Hadadezer ŋume ɖeka si dzo le fia la gbɔ kple anyigba la dzi. 24 Esi Fia David gbã Zoba dua la, Rezɔn si kple ame aɖewo yi Damasko, ame siawo va zu adzoha aɖe eye Rezɔn nye woƒe kplɔla. Emegbe la, Rezɔn va zu fia le Damasko. 25 Rezon kple Hadad nye Israel ƒe futɔ le Solomo ƒe agbenɔɣi. Ale Rezon ɖu fia le Aram eye wòlé fu Israel kaɖikaɖi.
Yeroboam dze aglã ɖe Salomo ŋu
26 Aglãdzelawo ƒe kplɔla ɖeka hãe nye Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si tso Zereda du la me le Efraimnyigba dzi. Dadaa nye ahosi aɖe si ŋkɔe nye Zerua.
27 Ale si wòtso ɖe Fia Solomo ŋue nye esi: Solomo tu Milo mɔ eye wònɔ fofoa, David ƒe du la ƒe gliwo dzram ɖo. 28 Ke Yeroboam nye ame nuteƒewɔla aɖe eye esi Solomo kpɔ ale si wòwɔa eƒe dɔ nyuie la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe blibo la ƒe dɔlawo nu.
29 Gbe ɖeka esi Yeroboam nɔ dzodzom le Yerusalem la, Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo do goe. Ahiya do awu ʋlaya yeye aɖe na gbe ma gbe ƒe wɔnawo. Ahiya do go Yeroboam eye wòɖee ɖe aga be yeaƒo nu kplii. Esi wo ame eve la nɔ gbedzi la, 30 Ahiya dze eƒe awu ʋlaya yeye la ɖe akpa wuieve me. 31 Egblɔ na Yeroboam be, “Xɔ awu dzedze ewo siawo elabena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Madze fiaɖuƒe la me le Solomo si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò! 32 Ke magble Yuda kple Benyamin ɖi nɛ le nye dɔla, David kple Yerusalem, si nye du si metia le Israel duwo katã dome la ta 33 elabena Solomo gbe nu le gbɔnye eye wòsubɔ Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu kple Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu kple Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu. Mezɔ le nye mɔ dzi o, eye mewɔ nu si nyo le nye ŋkume o. Gawu la, mewɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi abe fofoa, David ene o.
34 “ ‘Nyemaxɔ fiaɖuƒe la le esi fifia o, ke le nye dɔla, David ame si metia, ame si wɔ nye seawo dzi ta la, mana Solomo naɖu fia le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me. 35 Ke maxɔ fiaɖuƒe la le via si eye matsɔ toawo dometɔ ewo na wò. 36 Solomo ƒe vi axɔ eve mamlɛawo ale be, David ƒe dzidzimeviwo ayi fiaɖuɖu dzi le Yerusalem, du si metia be wòanye teƒe si ŋu nye ŋkɔ anɔ la ta. 37 Matsɔ wò aɖo Israel ƒe fiazikpui dzi eye mana nàkpɔ ŋusẽ blibo. 38 Ne èɖo to nya si megblɔ na wò, ne èzɔ le nye mɔ dzi, ne èwɔ nye seawo dzi abe David ene la, ekema mayra wò eye wò dzidzimeviwo aɖu Israel dzi tegbetegbe. Medo ŋugbe sia ke na David kpɔ. 39 Ke le Solomo ƒe nu vɔ̃ ta la, mahe to na David ƒe dzidzimeviwo, ke menye tegbetegbe o.’ ”
Salomo ƒe ku
40 Solomo di be yeawu Yeroboam, ke Yeroboam si yi Fia Sisak gbɔ le Egipte eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Fia Solomo ku.
41 Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Agbalẽ si woyɔna be, Solomo ƒe Wɔnawo ƒe Agbalẽ la me. 42 Ale Fia Solomo ɖu fia le Yerusalem ɖe Israel dukɔ blibo la dzi ƒe blaene. 43 Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.