9
Abimelek wu nɔvia ŋutsuwo eye woɖoe fiae le Sekem
Gbe ɖeka la Abimelek, Yerubaal ƒe vi, ɖi tsa yi ɖasra nyruiawo kpɔ le Sekem eye wòdo susu sia ɖe wo gbɔ be: Alekee, anyo na mi be Yerubaal ƒe vi blaadre sɔŋ naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo be nye Abimelek, ame si nye mia vi ŋutɔŋutɔ la naɖu fia ɖe mia dzia, miyi ɖabia dumemetsitsiawo se.
Ale Abimelek nyruiawo yi dumemetsitsiwo gbɔ hetsɔ Abimelek ƒe nya la ɖo woƒe ŋkume. Woɖo be, esi Abimelek dada tso yewoƒe dua me ta la, yewoxɔ Abimelek ƒe nya la.
Ale wona gae tso esi wodzɔ le trɔ̃ Baal Berit subɔƒe la me eye fia Abimelek tsɔ ga sia ƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu. Ekplɔ wo yi fofoa ƒe aƒe me le Ofra eye wòna wowu Yerubaal ƒe vi blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi, ke Yerubaal ƒe vi ɖeka, Yotam, koe si ɖaɣla eɖokui. Esia megbe la, Sekemtɔwo kple Betmilɔtɔwo wɔ takpekpe gã aɖe le oɖumti la te le Sekem eye woɖo Abimelek fiae.
Yotam ƒe alobalo
Esi wogblɔ nya sia na Yotam la, eyi Gerizim to la tame eye wòdo ɣli gblɔ na wo be, “Miɖo tom, mi Sekemtɔwo, ale be Mawu naɖo to mi. Gbe ɖeka la, atiwo kpe ta be woaɖo fia na wo ɖokui. Wogblɔ na amiti be, ‘Ɖu fia ɖe mía dzi.’
“Gake amiti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ amidzidzi, ami si wotsɔna dea bubu mawuwo kple amegbetɔwo ŋu be mava ɖu fia ɖe atiwo dzia?’
10 “Emegbe la wogblɔ na gboti be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’
11 “Ke gboti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ nye ku vivi ŋanɛwo tsetse be maɖu fia ɖe atiwo dzia?’
12 “Wogblɔ na wainka be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’
13 “Ke wainka ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ wain si doa dzidzɔ na mawuwo kple amewo siaa la tsetse ale be maɖu fia ɖe atiwo dzia.’
14 “Mlɔeba la, atiawo katã gblɔ na ŋuti be, ‘Va, nàɖu fia ɖe mía dzi.’
15 “Ŋuti gblɔ na atiawo be, ‘Ne miaɖom fiae ɖe mia nu vavã la, ekema miva be ɖe nye vɔvɔli te, ke ne menye nenema o la, mina dzo nado tso ŋuti la me ava bi Lebanon ƒe sedatiwo.’ ”
16 Yotam yi edzi be, “Ɖe miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu be mietsɔ Abimelek ɖo fia mahã? 17 Fofonye wɔ aʋa na mi, tsɔ eƒe agbe ke eye wòɖe mi tso Midiantɔwo ƒe asi me, 18 ke mietso ɖe eŋu eye miewu via blaadre le kpe ɖeka dzi. Azɔ la, mietsɔ via Abimelek, ame si nye fofonye ƒe kosi vi la ɖo fiae elabena miaƒe ƒometɔ wònye. 19 Ne mieka ɖe edzi be yewowɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu la, ekema agbe nadidi na mi eye eme nafa na miawo kple Abimelek siaa. 20 Ke ne miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Gideon ŋu o la, ekema Abimelek natsrɔ̃ Sekemtɔwo kple Betmilɔt ƒe amewo eye woawo hã natsrɔ̃ Abimelek!”
21 Azɔ vɔvɔ̃ na nɔvia Abimelek ta la, Yotam si yi ɖanɔ Beer.
Aʋa dzɔ le Sekem; Abimelek ƒe ku
22 Le Abimelek ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe etɔ̃ megbe la, 23 Mawu na dzre va dzɔ ɖe Fia Abimelek kple Sekemtɔwo dome, ale Sekemtɔwo tso ɖe fia la ŋu. 24 Le nya siwo va dzɔ me la, wohe to na Abimelek kple Sekemtɔ siwo kpe ɖe eŋu le Yerubaal ƒe vi blaadreawo wuwu me. 25 Sekemtɔwo be ɖe mɔ si yi to la dzi la dzi na Abimelek. Esi wonɔ elalam be wòava yi la, woda adzo ame siwo va to mɔ la dzi yina. Ke ame aɖe fi tofi na Abimelek le nugbe si woɖo ɖe eŋu la ŋuti. 26 Ɣe ma ɣi la, Gaal, Ebed ƒe vi, ʋu kple nɔviawo yi Sekem eye wòzu ame ŋkutawo dometɔ ɖeka le dua me. 27 Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me.
28 Gaal do ɣli be, “Ame kae nye Abimelek eye nu ka ta wòanye míaƒe fia? Nu ka ta míanye eƒe subɔlawo? Eya kple xɔlɔ̃a, Zebul, boŋue anye míawo ƒe subɔlawo. Miɖe kɔ ɖa le Abimelek ŋu! 29 Mitsɔm ɖo fiae eye enumake miakpɔ nu si adzɔ ɖe Abimelek dzi! Magblɔ na Abimelek be, ‘Ƒo aʋawɔlawo nu ƒu eye nàho aʋa!’ ”
30 Ke esi dumegã Zebul se nya si Gaal gblɔ la, edo dɔmedzoe. 31 Enumake eɖo du ɖe Abimelek le Aruma be, “Gaal, Ebed ƒe vi kple eƒe ƒometɔwo ʋu va le Sekem eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo be woatso ɖe ŋuwò. 32 Wò kple wò aʋakɔ miva be ɖe gbedzi le zã me 33 eye ne ŋu ke ko la, mige ɖe dua me. Ne Gaal kple eƒe amewo do va kpe mi la, ekema miate ŋu awɔ nu sia nu si dze mia ŋu la kpli wo!”
34 Abimelek kple eƒe amewo zɔ mɔ le zã me, woma ɖe akpa ene me eye wode xa ɖe teƒe vovovowo ƒo xlã dua. 35 Esi ŋu ke, le ŋdi me la, esime Gaal nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo nu henɔ aɖaŋu dem kple dumemetsitsiawo la, Abimelek kple eƒe amewo lũ ɖe dua dzi.
36 Esi Gaal kpɔ wo la, edo ɣli gblɔ na Zebul be, “Kpɔ to ma dzi ɖa! Medze abe amewoe le ɖiɖim tso afi ma gbɔna ene oa?”
Zebul ɖo eŋu be, “Ao! Vɔvɔliwo ko kpɔm nèle abe amewo ene!”
37 Gaal yi edzi be, “Kpɔ afi ma nyuie, meka ɖe edzi be mekpɔ amewo le lulũm ɖe mía dzi gbɔna. Kpɔ afi sia hã ɖa, ame bubuwo hã gbɔna; wodze le Meomenim ƒe oɖumti la ŋu!”
38 Tete Zebul biae be, “Afi ka wò numeɖiɖi gbogboawo le azɔ? Ame kae gblɔ be, ‘Ame ka gɔ̃e nye Abimelek eye nu ka ta wòaɖu fia ɖe mía dzi?’ Ame siwo ŋu nèɖu fewu le eye nèƒo fi de wo la le dua godo fifi laa! Do go nàkpe aʋa kpli wo!”
39 Enumake Gaal kplɔ Sekemtɔwo eye wowɔ aʋa kple Abimelek. 40 Ke Abimelek ƒe amewo ɖu Gaal dzi. Sekemtɔ geɖewo xɔ abi eye womlɔ aʋagbe la dzi va se ɖe keke dua ƒe agbo nu ke. 41 Abimelek nɔ Aruma ɣe ma ɣi. Zebul nya Gaal kple eƒe ƒometɔwo le Sekem eye meɖe mɔ be woaganɔ afi ma o.
42 Le ŋufɔke la, Sekemtɔwo gayi aʋa, ke ame aɖe fi tofi na Abimelek tso woƒe ɖoɖowo ŋu. 43 Ale wòma eƒe aʋawɔlawo ɖe akpa etɔ̃ eye wòɣla wo ɖe gbedzi. Esi Sekemtɔwo do ta ɖa la, Abimelek ƒe amewo dze wo dzi eye wode asi wo wuwu me. 44 Abimelek da aʋalɔgo ɖeka ɖe dua ƒe agbo nu ale be Sekemtɔwo ƒe aʋawɔlawo mate ŋu atrɔ, asi yi dua me o, le esime aʋalɔgo eve bubuawo nɔ wo wum le gbedzi. 45 Wowɔ aʋa ŋkeke blibo la hafi Abimelek te ŋu xɔ du la. Ewu amewo eye wògbã du la. 46 Esi Migdaltɔwo kpɔ nu si dzɔ la, wosi yi mɔ si te ɖe Baal Berit, ƒe subɔƒe la me.
47 Esi Abimelek se be ameawo si yi mɔ la me la, 48 Abimelek yi Zalmɔn to dzi. Efɔ nake lé ɖe abɔta eye wòɖe gbe na eƒe ameawo bena woawɔ nu si tututu yewɔ. 49 Ale ameawo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ nake yi dua me. Abimelek tsɔ eƒe nake tu mɔ la ƒe gli ŋu eya ta ameawo hã wɔ nenema ke. Woli kɔ woƒe nakewo ɖe glia ŋu eye wode dzo nakekɔ la me. Ale ame abe akpe ɖeka ene, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame siwo nɔ mɔ la me la katã ku.
50 Abimelek ho aʋa ɖe Tebez du la ŋu azɔ eye wòxɔe. 51 Mɔ sesẽ aɖe nɔ dua me eya ta dua me tɔwo katã si yi eme. Wotu agbo la heyi mɔ la tame ke henɔ ŋku lém ɖe Abimelek kple eƒe amewo ŋu. 52 Esi Abimelek va mɔ la te eye wònɔ dzadzram ɖo be yeatɔ dzoe la, 53 nyɔnu aɖe ɖe asi le nutukpe gã aɖe ŋu tso mɔ la tame ɖo ɖe anyigba eye kpea ge dze Abimelek dzi eye wogbã ta nɛ.
54 Abimelek gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Wum! Elabena menyo be woase be nyɔnue wu Abimelek o!” Ale adekplɔvi la tɔ hɛe wòku. 55 Esi Israelviwo kpɔ be Abimelek ku la, wokaka yi wo de. 56 Ale Mawu he to na Abimelek le nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe fofoa ŋu, to fofoa ƒe vi blaadreawo wuwu me la ta. 57 Mawu na Sekemtɔwo hã kpe fu ɖe woƒe ŋutasesẽ ta, abe ale si Yotam, Yerubaal ƒe vi gblɔe do ŋgɔ, esi wòƒo fi de wo la ene.