10
Le Abimelek ƒe ku megbe la, Israel ƒe ʋunudrɔ̃la si va ɖe eyomee nye Tola, Pua ƒe vi kple Dodo ƒe tɔgbuiyɔvi. Etso Isaka ƒe to la me, ke enɔ Samir le Efraim ƒe tonyigba dzi. Enye ʋunudrɔ̃la na Israelviwo ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ eye esi wòku la, woɖii ɖe Samir. Ʋunudrɔ̃la si kplɔe ɖo lae nye Yair, ŋutsu aɖe si tso Gilead. Eya hã drɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe blaeve-vɔ-eve. Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.” Esi Yair ku la, woɖii ɖe Kamon.
Israelviwo gasubɔ mawu bubuwo
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo kple Aramtɔwo, Sidontɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo. Esi Israelviwo gbe nu le Yehowa gbɔ eye womegasubɔnɛ o ta la, edo dziku ɖe wo ŋuti. Etsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo, ame siwo te wo ɖe to, gbã wo gudugudu. Hena ƒe wuienyi la, wote Israelvi siwo katã nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Gilead, le Amoritɔwo ƒe anyigba dzi la ɖe to. Wogawɔ aʋa kpli wo le Yuda, Benyamin kple Efraim hã elabena Amonitɔwo tso Yɔdan tɔsisi la va wɔ aʋa kple Israelviwo. Nu sia yi edzi ƒe wuienyi sɔŋ 10 eye mlɔeba la, Israelviwo trɔ va Yehowa gbɔ heɖe kuku nɛ be wòagaxɔ na yewo. Woʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò: míegblẽ wò, míaƒe Mawu ɖi eye míesubɔ Baal.” 11 Yehowa ɖo eŋu be, “Ɖe nyemeɖe mi tso Egiptetɔwo, Amoritɔwo, Amonitɔwo, Filistitɔwo 12 Sidontɔwo, Amalekitɔwo kple Maonitɔwo ƒe asi me oa? 13 Gake miegagblẽam ɖi enuenu eye miesubɔa mawu bubuwo eya ta mibu ɖa le ŋkuta nam! Nyemagaɖe mi akpɔ o. 14 Miyi miado ɣli na mawu yeye siwo mietia! Mina woaɖe mi le miaƒe xaxaɣiwo me!”
15 Israelviwo gaɖe kuku na Mawu be, “Míewɔ nu vɔ̃, he to na mí le mɔ ɖe sia ɖe si dze ŋuwò la dzi eye nàgaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me ko!”
16 Israelviwo trɔ le mawu bubuawo yome eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Woƒe blanuiléle do nuxaxa na Yehowa. 17 Le ɣe ma ɣi la, Amonitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead hena aʋawɔwɔ kple Israel ƒe aʋakɔ le Mizpa.
18 Gilead ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Ame kae akplɔ míaƒe aʋakɔwo le aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo me? Ame si akplɔ míaƒe aʋakɔwo la azu míaƒe fia!”