14
Samson ƒe srɔ̃ɖeɖe
Gbe ɖeka la, Samson yi Timna eye wòkpɔ Filisti ɖetugbi aɖe. Esi wòtrɔ gbɔ la, egblɔ na fofoa kple dadaa bena yedi be yeaɖee.
Dzilawo melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o, wobiae be, “Nu ka ta màɖe Yuda ɖetugbi aɖeke o? Nu ka ta nàɖe srɔ̃ tso Filistitɔ, ame siwo nye trɔ̃subɔlawo dome? Nyɔnuvi aɖeke mele Israelviwo dome nàte ŋu aɖe oa?”
Ke Samson gblɔ na fofoa be, “Eya koe nye ame si medi be maɖe. Ɖee nam.”
Fofoa kple dadaa medze sii be Mawue nɔ mɔ trem na Filistitɔwo, ame siwo nye Israel dziɖulawo le ɣe ma ɣi o.
Gbe ɖeka esi Samson kple edzilawo yina Timna la, dzatavi aɖe nɔ gbe tem helũ ɖe Samson dzi le waingble aɖe me le dua gbɔ lɔƒo. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va edzi eye esi lãnu aɖeke menɔ esi o la, etsɔ asi ƒuƒlu fe dzata la ƒe glã bɔbɔe abe gbɔ̃vi aɖe tɔ ene! Ke Samson megblɔ nya aɖeke tso nu sia ŋuti na dzilawo o. Esi woɖo Timna la, eƒo nu kple ɖetugbi la eye wòkpɔ be eya tututu dim yele. Ale wowɔ srɔ̃ɖeɖe la ŋu ɖoɖowo.
Esi Samson trɔ tso Timna gbɔna la, edze yi gbe me be yeakpɔ dzata kuku la ɖa. Kasia ekpɔ anyiwo kple anyitsi le eme. Eɖe anyitsi la, ɖu ɖe le mɔa dzi eye wòna ɖe fofoa kple dadaa gake megblɔ na wo be dzata ƒe dɔ me ye yekpɔe tsoe o.
Samson to adzo le eƒe srɔ̃ɖeƒe
10 Azɔ la, esi fofoa yi be yeakpɔ nyɔnu la la, Samson ɖo kplɔ̃ le afi ma abe ale si ɖekakpuiviwo wɔna ene. 11 Esi Samson va ɖo la, wotsɔ ɖekakpui blaetɔ̃ kpe ɖe eŋu.
12 Samson gblɔ na wo be, “Mina mato adzo na mi. Ne miete ŋu ɖe egɔme nam le azãɖuɖua ƒe ŋkeke adreawo me la, matsɔ aklala biɖibiɖiwu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi. 13 Ke ne miete ŋu ɖe egɔme o la, ekema miawo hã miatsɔ aklala biɖibiɖi ƒe awu blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ nam.” Woɖo eŋu nɛ be, “To wò adzo la na mí, na míase wò adzo la.” 14 Adzo si wòto lae nye,
“Nuɖuɖu do tso nuɖula me
eye nu vivi do tso nu sesẽ me!”
Ŋkeke etɔ̃ va yi, womete ŋu ɖe adzo la gɔme o.
15 Le ŋkeke enea gbe la, wogblɔ na Samson srɔ̃ be, “Ble srɔ̃wò nu ne wòaɖe adzo la gɔme na mí. Ne menye nenema o la, míatɔ dzo wò kple fofowò ƒe aƒekɔ la miaku. Ɖe miekpe mí va afi siae be miada adzo mía?”
16 Tete Samson srɔ̃ tsɔ eɖokui ƒu Samson dzi, nɔ hehe ɖom be, “Èlé fum! Mèlɔ̃m kura o. Èto adzo na nye amewo gake mèɖe egɔme nam o.”
Samson ɖo eŋu nɛ be, “Nyemeɖe egɔme na fofonye alo danye gɔ̃ hã o. Nu ka tae maɖe egɔme na wò ya?” 17 Nyɔnu la fa avi le azãɖuɖu ƒe ŋkeke adreawo katã me. Ale le ŋkeke adrea gbe la, egblɔe nɛ mlɔeba elabena nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ akpa. Ale nyɔnu la yi ɖagblɔ adzo la ƒe gɔmeɖeɖe na wo detɔwo.
18 Ale hafi ɣe naɖo to le ŋkeke adrea gbe la, ɖekapuiawo ɖe adzo la gɔme na Samson be,
“Nu kae vivina wu anyitsi
eye nu kae sesẽ wu dzata?”
Samson gblɔ na wo be,
“Ne menye nye ŋutɔ nye nyivie mietsɔ ŋlɔ agblea o la,
anye ne miete ŋu nya nye adzo la ƒe gɔmeɖeɖe o.”
19 Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me. 20 Ale wotsɔ Samson srɔ̃ na ŋutsu si nɔ Samson ŋu le esime wòlé alɔ kple srɔ̃a.