13
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ.
Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o. Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi. Azɔ la, kpɔ egbɔ be mèno wain alo aha muame aɖeke o, eye màɖu naneke si ŋuti mekɔ o elabena àfɔ fu eye àdzi ŋutsuvi. Talũhɛ maka eƒe ta ŋu o, elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ, ame si woɖe ɖe aga na Mawu tso dadaa ƒe dɔ me, eye eyae adze Israelviwo ɖeɖe tso Filistitɔwo ƒe asi me gɔme.”
Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o. Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ ”
Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, “Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu mí tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu.” Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o 10 eya ta nyɔnu la ƒu du sesĩe ɖagblɔ na srɔ̃a be, “Eyae nye ekem! Ŋutsu si va gbɔnye nyitsɔ la, eya kee gava.”
11 Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?”
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
12 Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?”
13 Yehowa ƒe dɔla ɖo eŋu nɛ be, “Ele be srɔ̃wò nawɔ nu sia nu si megblɔ nɛ. 14 Mele be wòaɖu waintsetse alo ano wain alo aha muame o eye mele be wòaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Ele be wòawɔ nu sia nu si ƒe se mede nɛ.”
15 Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be, “Míadi be nànɔ mía gbɔ va se ɖe esime míalé gbɔ̃vi aɖe aɖa nui na wò.”
16 Yehowa ƒe dɔla la ɖo eŋu be, “Togbɔ be mielém ɖi hã la, nyemaɖu miaƒe nuɖaɖa ƒe ɖeke o gake ne miedzra numevɔsa aɖe ɖo la, mitsɔe na Yehowa.” Manoa menya be Yehowa ƒe dɔlae wònye o.
17 Manoa bia Yehowa ƒe dɔla la be “Wò ŋkɔ ɖe? Ale be ne wò nya la va eme la, ne míade bubu ŋuwò.”
18 Eɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nèle nye ŋkɔ biam ɖo? Nye ŋkɔ ƒo gɔmesese ta.” 19 Manoa lé gbɔ̃vi aɖe kpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu eye wòsa vɔ na Yehowa le agakpe aɖe dzi. Tete Yehowa wɔ nukunu aɖe le Manoa kple srɔ̃a ŋkume. 20 Esi dzo ƒe aɖewo tso vɔsamlekpui la dzi ɖo ta dziŋgɔli me la, Yehowa ƒe dɔla la to dzo la me yi dziƒo. Esi Manoa kple srɔ̃a kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi. 21 Esi Yehowa ƒe dɔla la megaɖe eɖokui fia Manoa kple srɔ̃a o la, Manoa kpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔlae.
22 Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.”
23 Ke srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Nenye ɖe Yehowa le mía wu ge la, anye ne maxɔ míaƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa o eye maɖe eɖokui afia mí, agblɔ nya wɔnuku sia na mí eye wòawɔ nukunu siawo o.”
24 Esi wodzi ɖevia la, wona ŋkɔe be Samson. Mawu yrae eye wòtsi. 25 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome.