60
Zion ƒe ŋutikɔkɔe
“Tso nàklẽ, elabena wò kekeli do,
eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe dziwò,
elabena kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba katã dzi,
eye blukɔ tsiɖitsiɖi atsyɔ eƒe amewo dzi,
gake Yehowa adze ɖe dziwò,
eye eƒe ŋutikɔkɔe anɔ dzedzem le dziwò.
Dukɔwo ava wò kekeli la gbɔ,
eye fiawo ava wò agudzedze ƒe keklẽ la gbɔ.
 
“Fɔ mo dzi, eye nàkpɔ nu siwo ƒo xlã wò.
Wo katã woƒo ƒu heva gbɔwò,
viwò ŋutsuwo tso didiƒe ke va,
eye wolé viwò nyɔnuwo ɖe abɔdome vɛ.
Ekema àkpɔe, ahako alɔgbɔnu.
Wò dzi ati kpo, avu gblotoo kple dzidzɔkpɔkpɔ.
Woatsɔ nu xɔasi siwo le atsiaƒu dzi la vɛ na wò,
eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò.
Kposɔwo ƒe ha axɔ wò anyigba dzi
hekpe ɖe Midian kple Efa ƒe kposɔviwo ŋuti.
Nenema ke Sebatɔwo katã hã ava
ana sika kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo,
eye woadzi ha akafu Yehowa.
Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò,
eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò.
Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi,
eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la.
 
“Ame kawoe nye ema le dzodzom
le yame abe lilikpowo ene,
alo abe ahɔnɛwo yina ɖe woƒe atɔwo me ene?
Vavãe ƒukpowo le mɔ kpɔm nam.
Tarsis ƒe meliwo le ŋgɔ na wo,
lɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒewo gbɔnae
kple woƒe klosalo kple sika be
woatsɔ ade bubu Yehowa,
wò Mawu kple Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu,
elabena eyae ɖo atsyɔ̃ na wò.
 
 
10 “Amedzroviwo agbugbɔ wò gliwo aɖo,
eye woƒe fiawo asubɔ wò.
Togbɔ be meƒo mi le nye dziku me hã la,
le nye dɔmenyo me la, makpɔ nublanui na mi.
11 Wò agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa.
Womatu wo akpɔ gbeɖe le ŋkeke me alo zã me o.
Ale be amewo nate ŋu atsɔ dukɔwo
ƒe kesinɔnuwo vɛ na mi.
Woƒe fiawo anɔ ŋgɔ le dziɖuɖu
ƒe asaɖabɔbɔ la me,
12 eya ta dukɔ alo fiaɖuƒe si agbe be yemasubɔ mi o la,
atsrɔ̃, eye woagbãe gudugudu.
 
13 “Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe ava dziwò.
Woƒe sesewu, fɔfɔli kple papawu ava na wò
be woaɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la,
eye matsɔ ŋutikɔkɔe ada ɖe nye afɔɖoƒe.
14 Ame siwo te wò ɖe to la,
ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò.
Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la,
ade ta agu ɖe wò afɔ nu,
eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.
 
15 “Togbɔ be wogble wò ɖi helé fu wò,
eye ame aɖeke meto mewò yi o hã la,
matsɔ wò awɔ atsyɔ̃ mavɔ
kple dzidzɔe na dzidzimewo katã.
16 Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no,
ekema ànyae be, nye Yehowae nye wò Ɖela,
eye Yakob ƒe Ŋusẽtɔ lae nye wò xɔnametɔ.
17 Matsɔ sika ana wò ɖe akɔbli teƒe,
eye klosalo ɖe gayibɔ teƒe.
Le ati teƒe la, matsɔ akɔbli na wò,
eye mana gayibɔ wò ɖe kpe teƒe.
Mawɔ ŋutifafa wòanye tatɔ na wò,
eye dzɔdzɔenyenye nanye dziɖula na wò.
18 Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi,
tsɔtsrɔ̃ loo alo gbegblẽ hã manɔ wò liƒowo dzi o.
Ke boŋ àyɔ wò gliwo be Ɖeɖekpɔkpɔ,
eye wò agbowo be Kafukafu.
19 Ɣe maganye wò akaɖi le ŋkeke me loo
alo ɣleti naklẽ ɖe dziwò o,
elabena Yehowa anye wò kekeli tegbee
ye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.
20 Wò ɣe magaɖo to azɔ o,
eye wò ɣleti hã magaɖo xɔ azɔ o.
Yehowa anye wò kekeli mavɔ,
eye wò konyifaŋkekewo nu ava ayi.
21 Ekema wò amewo katã anye dzɔdzɔetɔwo,
eye anyigba anye wo tɔ tegbee.
Wonye ati fɛ̃ si medo,
kple nye asinudɔwɔwɔwo be
woaɖe nye ŋutikɔkɔe afia.
22 Ame ʋɛ siwo le mia dome la azu akpe,
eye ame siwo mesɔ gbɔ o la
azu dukɔ gã dranyi aɖe.
Nyee nye Yehowa,
le ewɔɣi la, mawɔ esia wòatsɔ kaba.”