59
Nu vɔ̃ me ʋuʋu kple ɖeɖekpɔkpɔ
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ mele kpuie akpa be mate ŋu aɖe ame,
alo eƒe to mexe be mate ŋu ase nu o;
ke boŋ miaƒe nu vɔ̃woe ma mi
kple miaƒe Mawu dome.
Miaƒe nu vɔ̃woe na wòɣla eƒe ŋkume
ɖe mi be maɖo to mi o,
elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu,
eye vodada le asibidɛ ŋu na mi.
Miaƒe nuyiwo da alakpa,
eye miaƒe aɖewo gblɔ nya tovowo.
Ame aɖeke meli si gblɔna be
wometso afia dzɔdzɔe o.
Ame aɖeke meʋlia eɖokui ta to mɔ dzɔdzɔe dzi o,
ke boŋ woɖoa ŋu ɖe nyahehe dzodzrowo ŋu.
Wodaa alakpa.
Wofɔa fuɖename ƒe fu hedzia nu vɔ̃ɖi.
Woƒoa da ƒe aziwo, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ.
Ame si ɖu woƒe aziwo la,
aku, eye ne ɖe gbã la,
ƒli ado tso eme.
Woƒe yiyiɖɔ menyo na avɔ o.
Womate ŋu atsyɔ nu si wowɔ la o.
Woƒe dɔwɔwɔwo nye dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiwo,
eye nu baɖa wɔwɔ le woƒe asiwo me.
Woƒe afɔwo ƒua du gena ɖe nu vɔ̃ me,
eye woɖea abla le ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi me.
Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo.
Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ bɔ ɖe woƒe mɔwo dzi.
Womenya ŋutifafa ƒe mɔ o.
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ mele woƒe mɔwo dzi o.
Wotrɔ woƒe mɔwo wozu mɔ gɔglɔ̃wo,
eye ame siwo azɔ wo dzi ayi la,
manya ŋutifafa o,
eya ta nuteƒewɔwɔ le adzɔge na mi,
eye dzɔdzɔenyenye metsɔ ɖe mia gbɔ o.
Miekpɔ mɔ na kekeli, ke viviti sɔŋ ƒo xlã mi.
Míekpɔ mɔ na xexea me ƒe kɔkɔ,
ke blukɔ me boŋ ko zɔm miele.
10 Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkugbagbãtɔwo ene,
eye miele mɔ dim kple asi abe
ame siwo mele nu kpɔm o la ene.
Miele nu klim le ŋdɔkutsu dzatsi abe zã me ene,
eye míele lãmesesẽtɔwo dome abe ame kukuwo ene.
11 Mi katã miele gbe tem abe sisiblisiwo ene,
eye miele xɔxlɔ̃m nublanuitɔe abe ahɔnɛwo ene.
Miele mɔ kpɔm na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe,
gake miekpɔ ɖeke o.
Miele mɔ kpɔm na ɖeɖe,
gake metsɔ ɖe mia gbɔ o,
12 elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le ŋkuwò me
eye míaƒe nu vɔ̃wo le mía nu tsom.
Míenya míaƒe dzidadawo,
eye míedze si miaƒe nu vɔ̃,
13 siwo nye aglãdzedze,
nugbeɖoɖo ɖe Yehowa ŋu,
megbetɔtrɔ̃ de míaƒe Mawu la, ameteteɖeto,
tsitretsitsi ɖe ame ŋu kple alakpanya
siwo míeɣla ɖe míaƒe dzi me la gbɔgblɔ.
14 Ale wonya ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ do ɖe megbe,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tsi tsitre ɖe adzɔge.
Nyateƒe le nu klim le kpɔdomewo,
eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe ame o.
15 Ale nyateƒe mele afi aɖeke woakpɔ o,
eye ame si gbe nu le nu vɔ̃ɖi gbɔ la zu nuhaha.
 
Yehowa ɖo ŋku anyi hekpɔ nu,
ke mekpɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ le afi aɖeke o,
eye medzɔ dzi nɛ o.
16 Yehowa kpɔ be ame aɖeke meli o.
Ewɔ moya nɛ be ame aɖeke meli si alé avu o,
ale wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe alɔ xɔ na eɖokui,
eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye lée ɖe te.
17 Edo dzɔdzɔenyenye abe eƒe akɔtakpoxɔnu ene,
eye xɔxɔ ƒe gakuku le ta nɛ.
Etsɔ hlɔ̃biabia ƒe awuwo do,
eye wòtsɔ ŋuʋaʋã xatsa ɖe eɖokui ŋu
abe doɖedzi ene.
18 Axe fe na wo ɖe nu siwo wowɔ la nu.
Atsɔ dɔmedzoe axe fee na eƒe futɔwo,
eye wòatsɔ teƒeɖoɖo axe fee na eƒe ketɔwo.
Atsɔ nu si dze la axe fee na ƒukpowo.
19 Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ,
eye ɣedzeƒetɔwo
ade bubu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu,
elabena ele vava ge abe tsiɖɔɖɔ
si le sisim kple ŋusẽ,
eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nyae
ɖe du nu la ene.
 
20 Yehowa be, “Ɖela ava Zion na Yakob ƒe
ame siwo trɔ tso woƒe nu vɔ̃wo me.”
21 Yehowa be, “Nye la, esiae nye nye nubabla kpli wo. Nye Gbɔgbɔ si le dziwò, nye nya siwo metsɔ de nuwò la madzo le nuwò alo le viwòwo ƒe nu alo le wò dzidzimeviwo ƒe nu tso azɔ dzi yi ɖe mavɔ me o,” Yehowae gblɔe.