52
Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ.
Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta.
O! Yerusalem, du kɔkɔe.
Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo
magage ɖe mewò azɔ o.
Ʋuʋu ke le ŋutiwò.
Tsi tsitre! Yerusalem, ne nànɔ fiazi dzi.
O! Zion nyɔnuvi si woɖe aboyoe,
ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖa.
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Wotsɔ mi dzra naneke maxɔmaxɔe,
eya ta woagbugbɔ mi axɔ,
gake menye kple ga o.”
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:
“Tsã la, nye dukɔ yi Egipte be wòanɔ afi ma.
Emegbe la, Asiriatɔwo tee ɖe to vevie.
“Ke azɔ la, nu kae le asinye le afi sia?” Yehowae gblɔe.
“Esi me wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ,
eye wo dziɖulawo ɖua fewu le wo ŋu.”
Yehowae gblɔe.
“Gbe sia gbe
wole gbɔ̃ ɖim nye ŋkɔ,
eya ta nye dukɔ anya nye ŋkɔ,
eye le ŋkeke ma dzi la,
woanya be nyee gblɔe da ɖi.
Ɛ̃, be nyee.”
 
Du nyui tsɔlawo ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo!
Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa,
ame siwo hea gbedeasi nyuiwo vɛ.
Ame siwo ɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ,
eye wogblɔna na Zion be,
“Wò Mawu nye fia ɖaa!”
Ɖo to afii, wò gbetakpɔlawo kɔ
woƒe gbewo dzi hedo dzidzɔɣli ɖekae.
Ne Yehowa trɔ gbɔ va Zion la,
woakpɔe kple woƒe ŋkuwo.
Midzi dzidzɔhawo,
mi Yerusalem ƒe gli kpowo,
elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ,
eye wòɖe Yerusalem.
10 Yehowa aklo nu le eƒe abɔ kɔkɔe la ŋu
le dukɔwo ƒe ŋkume,
eye anyigba ƒe mlɔenuwo ke hã
akpɔ mia Mawu la ƒe ɖeɖe.
 
11 Midzo, midzo, mido go le afi ma!
Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o!
Mido go le eme, Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o.
Mi ame siwo lé Yehowa ƒe kpluwo ɖe asi.
12 Ke miadzo kplakplakpla alo asi adzo o,
elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi,
eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.
Dɔla la ƒe fukpekpe kple ŋutikɔkɔe
13 Kpɔɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me.
Woadoe ɖe dzi.
Axɔ ŋkɔ, eye woade bubu gã aɖe eŋu.
14 Abe ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti,
eƒe dzedzeme tro kpaɖikpaɖi wu
ame sia ame tɔ, eye eƒe nɔnɔme gblẽ ale gbegbe be,
megaɖi amegbetɔ o ene la,
15 nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi,
eye fiawo amia nu le eya amea ta,
elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o,
eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme.