51
Ɖeɖe mavɔ na Zion
“Miɖo tom, mi ame siwo tia dzɔdzɔenyenye yome,
eye miedia Yehowa.
Mikpɔ agakpe si me woɖe mi tsoe
kple fukpekpe si me woɖe mi le la dzi.
Mikpɔ mia fofo Abraham kple Sara,
ame siwo dzi mi la dzi.
Esi meyɔe la, eya ɖeka koe,
gake meyrae, eye mewɔe wòzu ame geɖe.
Yehowa afa akɔ na Zion godoo, eye anye kɔ akpɔ
eƒe gli gbagbãwo kple dɔmetɔtrɔ.
Atrɔ eƒe gbegbe wòazu Edenbɔ,
eƒe kuɖinyigbawo abe Yehowa ƒe abɔ ene.
Dzidzɔ kple vivisese anɔ afi ma
eye akpedada kple hadzidzi hã anɔ afi ma.
 
“Nye amehawo, miɖo tom,
nye dukɔ, miaƒe to nenɔ ŋunye:
Nufiame atso gbɔnye,
eye nye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃
anye kekeli na dukɔwo.
Nye dzɔdzɔenyenye gbɔna kple du,
nye ɖeɖe le mɔ dzi gbɔna,
eye nye abɔ ahe afia nyui
tsotso vɛ na dukɔwo.
Ƒukpowo akpɔ mɔ nam, eye woalala
kple mɔkpɔkpɔ anɔ nye alɔ sinu kpɔm.
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ dziƒo,
mide mo to ne miakpɔ anyigba.
Dziƒowo nu ava yi abe dzudzɔ ene.
Anyigba anyunyɔ abe avɔ ene,
eye edzinɔlawo aku abe tagbatsutsu ene,
ke nye xɔname anɔ anyi ɖikaa,
eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi gbeɖe o.
 
“Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe.
Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le,
migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o,
eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o,
elabena gbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene,
eye ŋɔ aɖu wo abe ɖetifu ene.
Ke nye dzɔdzɔenyenye la anɔ anyi tegbee,
eye nye xɔname anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.”
 
Nyɔ, nyɔ! O! Yehowa ƒe alɔ, ne nàtsɔ ŋusẽ ado.
Nyɔ abe le tsã ƒe ɣeyiɣiwo kple blemaŋɔliwo ene.
Ɖe menye wòe fli Rahab kakɛkakɛ,
eye nètsɔ nu ƒo ɖe lã dziŋɔ la oa?
10 Ɖe menye wòe na atsiaƒu,
tɔ goglo la me tsiwo mie,
eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu me be
ame siwo woɖe la nato edzi ayi oa?
11 Yehowa ƒe ame siwo woɖe la atrɔ agbɔ.
Woage ɖe Zion kple aseyetsotso,
eye dzidzɔkpɔkpɔ anye fiakuku anɔ woƒe tawo dzi.
Vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ asu wo si,
eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.
 
12 “Nye, nye koe faa akɔ na mi.
Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ
siwo le abe gbe ko ene?
13 Nu ka ta nèŋlɔ Yehowa,
wò Wɔla, si keke dziƒowo me,
eye wòɖo anyigba ƒe agunu anyi la be?
Nu ka ta ŋɔdzi léa wò gbe sia gbe
le ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe ta,
ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu?
Afi ka ameteɖeanyila ƒe dɔmedzoe la le azɔ?
14 Woaɖe ga gamenɔla siwo le vɔvɔ̃m la kpuie.
Womaku ɖe gaxɔ me loo
alo abolo nahiã wo o,
15 elabena nyee nye Yehowa, wò Mawu,
ame si de adã atsiaƒu me be ƒutsotsoewo dze agbo.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
16 Metsɔ nye nyawo de nuwò,
eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te.
Nye ame si tsɔ dziƒowo ɖo
wo teƒe heɖo anyigba gɔme anyi,
eye megblɔ na Zion be, ‘Nye dukɔ nènye.’ ”
Yehowa ƒe dɔmedzoekplu
17 Nyɔ, nyɔ! O! Yerusalem, fɔ,
wò ame si ƒe dɔmedzoekplu le Yehowa ƒe asi me.
Wò ame si no nu muame la wòvɔ ƒioƒioƒio,
kplu si nana amewo zɔna sɔgɔsɔgɔ.
18 Viŋutsu siwo katã wòdzi la ɖeke meli afia mɔe o.
Viŋutsu siwo katã wònyi la, ɖeke meli alé eƒe alɔnu o.
19 Dzɔgbevɔ̃e evee dzɔ ɖe dziwò,
ame kae ate ŋu afa akɔ na wò?
Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃,
dɔwuame kple yi ƒo go wò,
ame ka ate ŋu afa akɔ na wò.
20 Nu te viwò ŋutsuwo ŋu.
Womlɔ mɔtata ɖe sia ɖe ƒe dzogoewo dzi
abe avugbɔ̃e si ɖo mɔ me la ene.
Yehowa ƒe dɔmedzoe kple wò Mawu la
ƒe mokaname ɖi ƒo na wo,
21 eya ta ɖo to afii,
wò ame si kpe hiã, eye nèmu aha,
evɔ mèno wain hã o.
22 Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi,
wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be,
“Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò.
Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la
le kplu sia me azɔ gbeɖe o.
23 Matsɔe ade asi na wò fuwɔamela
siwo gblɔna na wò be,
‘Mlɔ anyi ne míazɔ dziwò ayi’,
eye nèwɔ wò dzime abe anyigba
kple mɔdodo ene be woato edzi ayi.”