34
Ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔwo
Mite va, mi dukɔwo;
miɖo to afii, miƒu to anyi, mi amewo!
Mina be anyigba kple edzinuwo katã nasee,
eye xexea me kple emenuwo katã hã nasee!
Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu,
eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu.
Atsrɔ̃ wo gbidigbidi
ahatsɔ wo ade asi be woawu.
Woatsɔ woƒe Ame tsiaʋawo aƒu gbe.
Woƒe ŋutilã kukuawo aƒaƒã anɔ ʋeʋẽm
eye towo aƒo woƒe ʋu bekee.
Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo,
eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene.
Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi
abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu
alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene.
 
Nye yi no nu ɖi kɔ le dziƒo.
Kpɔ ɖa eɖiɖi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Edom dzi;
ame siwo metsrɔ̃ gbidigbidi.
Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu.
Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu,
hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu,
elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra,
eye wòwu lã geɖewo le Edom.
To wɔadãwo atsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu,
nenema kee nye nyitsu viwo kple nyitsu gãwo hã.
Ʋu asi to woƒe anyigba dzi bababa,
eye lãwo ƒe ami aƒo anyigba bekee,
elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si,
ƒe si me wòaxe nu vɔ̃ ŋu fe,
eye wòatso afia na Zion.
Edom ƒe tɔsisiwo me aƒu kplakplakpla.
Ke si le anyigba la abi abe aŋɔe lé dzo ene,
eye eƒe anyigba katã abi abe gbe ƒuƒu ene.
10 Dzo la matsi o, zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi boo.
Abi gbegbe tso dzidzime yi dzidzime,
eye ame aɖeke magato afi ma ayi akpɔ gbeɖe o.
11 Azu nɔƒe na adzexewo.
Afi ma akpaviã kple xe bubuwo awɔ atɔ ɖo.
Mawu atsɔ eƒe dzidzeka aɖo Edom ŋuti,
eye wòada wo le gbegblẽ masɔmasɔ ƒe nudanu me.
12 Naneke maganɔ anyi na woƒe bubumewo,
woayɔ be fiaɖuƒe o.
Woƒe dumegãwo hã nu ava ayi.
13 Ŋu avu atsyɔ woƒe fiasã kɔkɔwo dzi,
gbe fieŋuiwo kple aŋɔkawo amie ɖe woƒe mɔ sesẽwo me,
eye anyigba la azu nɔƒe na asilãwo kple aƒe na golowo.
14 Gbemelã vovovowo ado go kple amegaxiwo,
eye gbedzigbɔ̃wo axlɔ̃ na wo nɔewo le afi ma.
Anye nɔƒe na xe siwo nɔa zã me
eye woakpɔ gbɔɖeme na wo ɖokuiwo le afi ma.
15 Adzexe awɔ atɔ, aɖa azi ɖe eme le afi ma, aƒo vi,
akpɔ viawo dzi, eye wòatsɔ eƒe aʋalawo atsyɔ wo dzi.
Afi siae akagawo aƒo ƒu ɖo,
atsu kple asi.
16 Mikpɔ Yehowa ƒe agbalẽ me, eye mixlẽ nu sia.
Nu siawo dometɔ aɖeke mabu o,
ɖeke manɔ anyi, atsu alo asi o,
elabena eƒe nue de se sia,
eye eƒe Gbɔgbɔ aƒo wo nu ƒu.
17 Edzidze woƒe gomekpɔkpɔwo na wo.
Eƒe asie wòtsɔ ma nu si wòdzidze la na wo.
Azu wo tɔ tegbee,
eye woanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime.