33
Xaxa kple ɖeɖekpɔkpɔ
Baba na wò, o nugblẽla!
Wò ame si womegblẽ o.
Baba na wò, o ametatrɔla!
Wò ame si womede asi o.
Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã
ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò.
 
O! Yehowa, ve mía nu;
míele diwòm vevie.
Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi.
Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me.
Ne èɖe gbe la, amewo sina,
ne ètso la, dukɔwo kakana hlẽna.
O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu
abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene,
eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo
ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.
 
Wodo Yehowa ɖe dzi,
elabena etsɔ dziƒo wɔ nɔƒee.
Atsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ
kple dzɔdzɔenyenye ayɔ Zion.
Anye gɔmeɖokpe sesẽ na míaƒe ɣeyiɣiwo.
Anye nudzraɖoƒe gã na ɖeɖekpɔkpɔ,
dziƒonunya kple sidzedze, eye Yehowavɔvɔ̃
anye safui na kesinɔnu sia.
 
Kpɔ ɖa woƒe kalẽtɔwo le avi fam sesĩe le mɔtatawo dzi.
Ŋutifafa ƒe ame dɔdɔwo fa avi vevie.
Gbedzimɔwo ɖi gbɔlo, eye mɔzɔla aɖeke mele mɔtatawo dzi o.
Nubabla la me gblẽ.
Wodo ŋunyɔ eƒe ɖasefowo,
eye womede bubu ame aɖeke ŋuti o.
Anyigba la ƒu kplakplakpla,
eye naneke megale edzi o.
Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu.
Saron le abe Araba gbegbe ene.
Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene.
 
10 Yehowa be, “Matso azɔ, woadom ɖe dzi,
eye woakɔ nye alɔ ɖe dzi azɔ.
11 Atsakiti nye fu nèfɔ, eye nèdzi gbe ƒuƒu.
Wò gbɔgbɔ nye dzo si fia wò.
12 Woafiã abe akalo ene,
eye woatɔ dzo wo abe ŋuve si wolã kɔ ɖi ene.”
 
13 Mi ame siwo le adzɔge, mise nu si mewɔ.
Mi ame siwo tso kpuiƒe, mide dzesi nye ŋusẽ!
14 Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion,
eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be,
“Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu?
Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.”
15 Ame si zɔna le dzɔdzɔenyenye me,
eye wògblɔa nu si le eteƒe,
ame si tsri viɖe si wokpɔ to amebaba me, eye mexɔa zãnu o,
ame si xe eƒe towo be magase hlɔ̃donyawo o,
ame si mia eƒe ŋkuwo
be makpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ o.
16 Esiae nye ame si anɔ kɔkɔƒe,
eye eƒe bebeƒe anye mɔ sesẽ si le towo tame.
Akpɔ abolo aɖu ɖaa,
eye tsinono mahiãe o.
 
17 Wò ŋkuwo akpɔ fia la le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me,
eye àkpɔ anyigba keke la le adzɔge.
18 Àbu ŋɔdzinu siwo nèwɔ va yi le wò susu me be,
“Afi ka amegã ma le?
Afi ka ame si dzɔa adzɔga la le?
Afi ka amegã si kpɔa gbetakpɔxɔwo dzi la le?”
19 Màgakpɔ ɖokuiŋudzela mawo azɔ o,
ame siwo fiana, eye woƒe nuƒo gɔme menyasena o.
 
20 Wò ŋku nenɔ Zion dzi.
Du si me mieɖua miaƒe ŋkekenyuiwo le;
wò ŋkuwo akpɔ Yerusalem,
ŋutifafaƒe kple agbadɔ si womaɖe ɖa akpɔ o.
Womaho eƒe tsyotiwo le tome
alo alã ka siwo wohe ɖe wo ŋuti o.
21 Afi mae Yehowa, le eƒe ŋutikɔkɔe me,
anye míaƒe Ŋusẽtɔ le.
Anɔ abe teƒe si tɔ gbadzawo kple tɔʋuwo le la ene.
Tɔdziʋu siwo wokuna kple tablu la,
made afi ma o
eye meli gã aɖeke hã mato edzi ayi o,
22 elabena Yehowae nye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la.
Yehowae nye ame si wɔ sewo na mí,
eye Yehowae nye míaƒe fia.
Eyae nye ame si aɖe mí.
 
23 Wò abaladokawo me gbɔdzɔ;
womebla wò abaladotiawo sesĩe o;
ale wò abalawo me meke o,
eya ta woama afunyinu gbogboawo,
eye tekunɔwo gɔ̃ hã atsɔ nuhahawo adzoe.
24 Ame siwo le Zion la dometɔ aɖeke magblɔ be,
“Mele dɔ lém” o,
eye woatsɔ ame siwo le afi ma la ƒe nu
vɔ̃wo ake wo.